Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 54 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu do kaka ɖe xexea me kple amenuveve ma vɔ ŋugbe na eƒe dukɔ la.

1 Wò konɔ, si medzi vi o, tso aseye; kpɔ dzidzɔ, eye nado aƒa, wò amesi melé ku kpɔ o! Yehowa be: Amesi tsi akogo la ƒe viwo sɔ gbɔ wu srɔ̃tɔ ƒe viwo.

2 Keke wò agbadɔ ƒe nɔƒe de nu, eye nahe wò agbadɔvɔ me, megahe asi de megbe o! Didi wò kawo ɖe nu, eye naƒo wò tsyotiwo ɖe to!

3 Elabena àkeke ɖe ɖusi kple mia me, viwòwo axɔ dukɔwo ƒe anyigba, eye woanɔ ɖu zu aƒedowo me.

4 Megavɔ̃ o, elabena ŋu makpe wò o; wò mo megatsi da o, elabena ŋukpe malé wò o. Elabena àŋlɔ wò ɖetugbime ŋukpe be, eye màɖo ŋu wò ahosinyenye me vlododo o.

5 Elabena wɔwòla enye srɔ̃wò, eŋkɔ nye Yehowa Zebaot, eye wò ɖela enye Israel ƒe kɔkɔeto la, eŋkɔ nye xexeame blibo ƒe Mawu.

6 Elabena Yehowa ya wò abe nyɔnu, si wogblẽ ɖi wòle nu xam ene, eye abe ɖekakpuime srɔ̃, si wogbe ene, Yehowa ye gblɔe.

7 Megblẽ wò di vie ko, ke matsɔ nublanuikpɔkpɔ gã aƒo wò ƒu.

8 Le dɔmedzoedodo ƒe nyanyrã me meɣla nye ŋku me de wò ʋee: ke matsɔ amenuveve mavɔ akpɔ nublanui na wò, Yehowa, wò ɖelae gblɔe!

9 Elabena esia le nam abe Noa ƒe tsiɖɔɖɔ ene; alesi mekɔ atam be, Noa ƒe tsiɖɔɖɔ magaɖe anyigba akpɔ o la, nenema ke meka atam be, nyemagado dɔmedzoe ɖe ŋuwò, eye nyemagaka mo na wò azɔ o.

10 Elabena ne towo te ɖa, eye togbɛwo ʋã hã la, nye amenuveve mate ɖa le ŋuwò o, eye nye ŋutifafa nubabla maʋã o, Yehowa, wò nublanuikpɔlae gblɔe!

11 Wò hiãtɔ, si ahom lɔ ɖe nu, eye womefa akɔ na wò o, kpɔ ɖa, matsɔ kpe ŋɔŋɔewo aɖo gɔwòme anyi, eye matsɔ adzagba aɖo wò agunu anyi.

12 Mana wò xɔta tsutsuẽwo nanye gbloti, wò agbowo nanye soe, eye wò kpɔtɔtɔ blibo la nanye kpe xɔasiwo.

13 Viwòwo katã anye Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo, eye viwòwo ƒe ŋutifafa asa gbɔ.

14 Dzɔdzɔenyenye woatsɔ ali ke wò; anɔ adzɔge na ŋutasesẽ, elabena mavɔ̃ o, eye anɔ adzɔge na ŋɔdzi, elabena mate ɖe ŋuwò o.

15 Kpɔ ɖa, ne amea ɖe wɔ avu la, menye nyee dɔe o; amesi wɔ avu kpli wò la, atsi asiwò me.

16 Kpɔ ɖa, nyee wɔ gbede, amesi ƒlɔa dzo ɖo, eye wòtua lãnu le eƒe dɔwɔwɔ nu; eye nyee wɔ nugblẽla hã, be wòagblẽ nu.

17 Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o, eye abu tɔ aɖe, siwo katã tso ɖe ŋuwò le ʋɔnu. Esia nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu, eye woƒe dzɔdzɔenyenye tso gbɔnye, Yehowa ye gblɔe!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan