Yesaya 52 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Ŋutifafa gbeƒãɖelawo ɖe gbe ƒã xɔxɔ le Zion. 1 Nyɔ, Zion, nyɔ nata wò ŋusẽ! Yerusalem, wò du kɔkɔe la, ta wò atsyɔ̃vɔwo! Elabena bolotɔwo kple ame makɔmakɔwo magava mewò azɔ o. 2 Ʋuʋu ke le ŋuwò, Yerusalem, tso nabɔbɔ nɔ anyi! Zion-nyɔnuvi, si woɖe aboyoe, ɖe ga le wò kɔ! 3 Elabena ale Yehowa gblɔ esi: Wotso mi dzra yaka, eye menye ga tsɔ ge woala axɔ mi o. 4 Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Tsã la nye dukɔ yi Egipte, be wòanɔ afima, eye Asur tee ɖe anyi yakatsyɔ. 5 Yehowa be: Azɔ dɔ ka le ŋunye le afi, esi wokplɔ nye dukɔ dzoe yakatsyɔ? Yehowa be, wo dziɖulawo le aseye tsom, eye wole alɔme ɖem le nye ŋkɔ ŋu gbeawotsyogbe ɖaa. 6 Eyata nye dukɔ adze si nye ŋkɔ gbemagbe be, nyee nye amesi le gbɔgblɔm be: Nyee nye si! 7 Du nyui xɔla ƒe afɔwo nyo le towo dzi loo! Eya, amesi ɖea gbe ƒã ŋutifafa, eye wòtoa gbe nyui, eɖea gbe ƒã xoname, eye wòle gbɔgblɔm na Zion be: Wò Mawu enye fia! 8 Lé to ɖe wò dzɔlawo ŋu! Wo katã ƒe gbe de dzi, eye wotso aseye; elabena woƒe ŋkuwò kpɔ eteƒe, esime Yehowa trɔ gbɔ va Zion. 9 Mi Yerusalem ƒe aƒedowo, mido aƒa, mitso aseye yoo; elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ, eye wòɖe Yerusalem! 10 Yehowa klo nu le eƒe alɔ kɔkɔe la ŋu le dukɔwo katã ŋku me, eye anyigba ƒe mlɔenuwo katã akpɔ mía Mawu ƒe xɔname. 11 Midzo, midzo, miʋu tso afima! Migaka asi nu makɔmakɔa ɖeke ŋu o! Miʋu tso wo dome; mi Yehowa ƒe nutsɔlawo, mikɔ mia ɖokui ŋu! 12 Elabena menye kplakplakpla dzi miano aʋu o, eye miasi adzo o; elabena Yehowa adze ŋgɔ na mi, eye Israel ƒe Mawu la axe megbe na mi. 13 Kpɔ ɖa, nye dɔla awɔ nu ɖe nunya me, woadoe ɖe dzi, axɔ ŋkɔ, eye wòaɖo kpo ŋutɔ. 14 Alesi ame geɖewo ƒe nu ku ɖe ŋuwò, alesi eƒe nɔnɔme vlo wu amegbetɔwo tɔ, eye eƒe kpɔkpɔme vlo wu amegbetɔviwo tɔ la, 15 nenema wòana dukɔ geɖewo ƒe nu naku, eye fiawo ƒe nu ade ga le eta, elabena nusi womegblɔ na wo kpɔ o la, wokpɔ, eye nusi womese kpɔ o la, wodze sii. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana