Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 51 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Ame dzɔdzɔewo trɔ tso fukpekpe me, eye wodzɔ dzi le Zion.

1 Mi amesiwo tia dzɔdzɔenyenye yome, mi amesiwo dia Yehowa la, miɖo tom! Miɖe ŋku ɖe agakpe, si wotsɔ wɔ mi, kple vudoʋe, si me woɖe mi tsoe.

2 Miɖe ŋku ɖe mia fofo Abraham kple Sara, si dzi mi; elabena eya ɖeka meyɔ, eye meyrae wòdzi ɖe dzi.

3 Elabena Yehowa afa akɔ na Zion, afa akɔ na woƒe aƒedowo katã, awɔ woƒe gbegbe abe Eden ene kple woƒe tagba abe Yehowa ƒe aba ene; vivisese kple dzidzɔ, kafukafuha kple saŋkuƒoƒo anɔ anyi.

4 Nye dukɔ, miƒu to anyi ɖe ŋunye, nye ameha, milé to ɖe ŋunye! Elabena nufiame ado tso asinye me, eye maɖo nye ɖoɖo anyi, wòanye kekeli na dukɔwo.

5 Nye dzɔdzɔenyenye tu aƒe, nye xɔname ado, eye nye alɔwo adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo; ƒukpowo le mɔ kpɔm nam, eye wole nye alɔ si nu dzɔm.

6 Mifɔ mo dzi ɖe dziƒo eye mide mo to ɖe anyigba; elabena dziƒo abu abe dzudzɔ ene, anyigba anyunyɔ abe avɔ ene, eye edzinɔlawo aku abe tagbatsuwo ene; ke nye xɔname anɔ anyi tegbee, eye nye dzɔdzɔenyenye nu matsi o.

7 Mi amesiwo nyaa dzɔdzɔenyenye, dukɔ, si ƒe dzi me nye se la le, miɖo tom! Migavɔ̃ amegbetɔwo ƒe fewuɖuɖu o, eye woƒe vlodoame megaɖe dzi le mia ƒo o!

8 Elabena agbagblaʋui aɖu wo abe avɔ ene, eye tsiƒomee aɖu wo abe kuntru ene; ke nye dzɔdzɔenyenye anɔ anyi tegbee, eye nye xɔname anɔ dzidzimewo katã me.

9 Nyɔ, Yehowa ƒe alɔ, nyɔ, eye nata ŋusẽ! Nyɔ abe le tsã ŋkekewo me ene, abe le blema ƒomeawo ŋɔli ene. Ɖe menye wòe fũ Raxab, eye nèƒo nu ɖe boso la oa?

10 Ɖe menye wòe na atsiaƒu, tɔgo glo la me tsiwo mie, eye nèta mɔ ɖe atsiaƒu gɔme, be amesiwo woɖe la, to edzi yi oa?

11 Yehowa ƒe amesiwo wòxɔ ƒle la, atrɔ gbɔ, woava Zion kple aseyetsotso, eye dzidzɔ mavɔ anɔ woƒe ta me; vivisese kple dzidzɔ asu wo si, eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.

12 Nyee, nyee nye amesi afa akɔ na mi. Ameka nènye, be nèle amegbetɔ, si nye nu kukua, kple amegbetɔvi, si wowɔna abe gbe ene la vɔ̃m?

13 eye nèŋlɔ Yehowa, wɔwòla, amesi he dziƒo me, eye wòɖo anyigba gɔme anyi la be, eye nèle dzodzom nyanyanya gbawotsyogbe ɖaa le ameteɖeanyigba ƒe dziku ta, ne eɖo be, yeagblẽ wo? Afika ameteɖeanyila ƒe dziku le azɔ?

14 Woaɖe ga amesi do dɔgɔ̃e ɖi la kaba, maku ɖe gaxɔ me o, eye abolokoe mawɔe o.

15 Nyee nye Yehowa, wò Mawu, amesi de adã ta me na atsiaƒu, ale be eƒe tsotsoewo dze agbo; eƒe ŋkɔ nye Yehowa Zebaot.

16 Metsɔ nye nya ɖe nuwo, eye meɣla wò ɖe nye asi ƒe vɔvɔli te, ne magbugbɔ dziƒo me ahe, maɖo anyigba gome anyi, eye magblɔ na Zion be: Nye dukɔ nènye.

17 Fɔ, fɔ, Yerusalem, tso, wò, si no dɔmedzoekplu tso Yehowa si me, èno kplu muame la kpɔ egɔme ƒiaƒiaƒia.

18 Vi, siwo katã wòdzi la dometɔa ɖeke mekpɔe o, eye vi, siwo katã wònyi wotsi la dometɔa ɖeke melé eƒe alɔnu o.

19 Nu evee dzɔ ɖe dziwò, amekae afa na wò? Gbegblẽ kple, tsɔtsrɔ̃, dɔwuame kple yi, amekae afa akɔ na wò?

20 Nu te viwòwo ŋu, wòmlɔ kpɔdomewo katã ƒe dzogoewo dzi abe sẽ, si mɔ̃ ɖe ene, eye Yehowa ƒe dziku kple wò Mawu ƒe nyanyrã ɖi ƒo na wò.

21 Eyata, wò hiãtɔ, yamula, si meno wein hafi o la, se esia!

22 Ale wò Aƒetɔ Yehowa kple wò Mawu, amesi wòa avu ɖe eƒe dukɔ nu la, gblɔ esi: Maxɔ kplu muame, nye dɔmedzoekplu la, le asiwò me, eye màganoe azɔ o;

23 matsɔe ade asi na amesiwo wo funyafunya wò, amesiwo gblɔ na wò be: Bɔbɔ, ne míato dziwò ayi, wo wò mẽdome wòasɔ kple anyigba, eye wòanɔ, abe alesi mo le na edzitolawo ene.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan