Yesaya 50 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Wonyã Israel ɖa le eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃ ta, Mawu ƒe dɔla he xɔxɔ vɛ. 1 Ale Yehowa gblɔ esi: Afika mía dada ƒe asigbegbalẽ, si metsɔ gbee la le? alo ameka nye nye fetɔ, si metsɔ mi dzra na? Kpɔ ɖa, mia vodadawo ta wotsɔ mi dzra, eye le mia dzidadawo ta wogbe mia dada ɖo. 2 Nukaŋuti meva, eye amea ɖeke meli o, meyɔ ame, eye amea ɖeke metɔ o? Ɖe nye alɔ le kpuie, be wòagbe xɔxɔ na amea? eye ɖe ŋusẽ mele ŋunye, be maɖe ame oa? Kpɔ ɖa, matsɔ nye nyanyrã ana atsiaƒu namie, eye mana tɔsisiwo nazu tagba, wo me lãwo aƒaƒã, elabena tsi megale wo ŋu o, eye tsikɔ awu wo woaku. 3 Mata ahovɔ na dziƒo, eye matsyɔ akpanya nɛ. 4 Aƒetɔ Yehowa tsɔ nusrɔ̃viwo ƒe aɖe nam, ne manya alesi matsɔ nuƒoƒo akpe ɖe amesiwo ŋu ɖeɖi te la ŋui. Enyɔam ŋdi sia ŋdi, eʋua to nam, ne mase nu abe nusrɔ̃vi ene. 5 Aƒetɔ Yehowa ʋu to nam, nyemesẽ to o, eye nyemede megbe o. 6 Mesia nye mẽdome ɖi na ameƒolawo, eye meɖo nye tome anyi na amesiwo nyɔa ɖa; nyemetsyɔ nu ŋku me le vlododo kple taɖeɖe ŋuti o. 7 Ke Aƒetɔ Yehowa kpe ɖe ŋunye, eyata ŋukpe malém o; eyata nye mo sẽ abe ahliha ene, eye menyae be, ŋu mele kpe ye ge o. 8 Amesi le afia tso ge nam la, tsɔ gbɔnye; ameka be, yeahe nya kplim? Mina míava kpe ta! Amesi si nya le ɖe ŋunye la, nete ɖe ŋunye! 9 Kpɔ ɖa. Aƒetɔ Yehowa axɔ nam; amekae abu fɔm ma? Kpɔ ɖa, wo katã anyunyɔ abe avɔ ene, eye agbagblaʋui aɖu wo. 10 Mia dometɔ, si vɔ̃a Yehowa la, neɖo to eƒe dɔla ƒe gbe; amesi le viviti me zɔm, eye kekelia ɖeke meklẽna nɛ o lã, neɖo dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu, eye wòaziɔ ɖe eƒe Mawu ŋu. 11 Kpɔ ɖa, mi amesiwo katã tɔa dzo nu, eye mietsɔa dzoƒaɖe bia akpae la, mige ɖe miaƒe dzobibi la kple dzoti, si miekpe la me. Asinye me esia tso na mi, eye miamlɔ vevesese me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana