Yesaya 5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Lododa le Aƒetɔ ƒo weinbɔ mawɔnu la ŋuti. 1 Mele ha dzi ge le xɔ̃nye ŋu, mele xɔ̃nye ƒe ha dzi ge le eƒe weingble ŋu. Weingblea ɖe le xɔ̃nye si le totame wɔnua ɖe. 2 Edzobo eme, eɖe kpewo le eme, eye wòdo weinka nyuitɔwo ɖe eme, etu xɔ tsrala ɖe etitina, ekpa weinfiãnu hã da ɖe eme hele mɔ kpɔm be, atse weintsetsewo; ke etse ʋukatsetsewo. 3 Eyata mi Yerusalemtɔwo kple mi Yuda-ŋutsuwo, midrɔ̃ nya le mía kple nye weingble la dome! 4 Nukae woawɔ na nye weingble la, eye nyemewɔe nɛ o? Nukaŋuti mele mɔ kpɔm be, atse weintsetsewo, eye wòtse ʋukatsetsewo? 5 Azɔ mana mianya nusi wɔ ge mala nye weingble la: Makaka kpo le eŋu, ne lãwo naɖui, magbã gli le eŋu, ne woazɔ edzi. 6 Mawɔe woazu afutime; womaɖe eŋu o, eye womaga eme o, ke boŋ aŋɔkawo kple ŋuwò amie ɖe eme; eye made se na alilikpowo be, womagadza tsi ɖe edzi azɔ o. 7 Elabena Israel ƒe aƒe lae nye Yehowa Zebaot ƒe weingble, eye Yuda ŋutsuwo nye eƒe dzidzɔkpɔkpɔ ƒe nudodowo: ekpɔ mɔ na afiatsotso, ke ʋukɔkɔɖie li; ekpɔ mɔ na nu dzɔdzɔe wɔwɔ, ke konyifafae li. Wotsɔ Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ alo futɔwo ƒe anyigba dzi dzedze do ŋɔdzi na dukɔ la. 8 Baba na amesiwo le xɔ tsiãm ɖe xɔ nu, eye wole agble didim ɖe agble nu, vaseɖe esime teƒea ɖeke maganɔ anyi o, ne woawo ɖeɖe nanɔ anyigba dzi! 9 Yehowa Zebaot gblɔ ɖe to me nam bena: Ne xɔ gbogboawo matrɔ zu gbegbe, eye xɔ gã nyuiawo mazu xɔdowo o fĩ! 10 Elabena Weingble, si nyi eveve teƒe ewo aŋlɔ gbe ɖeka la, anye bat ɖeka, eye nuku gomer ɖeka anye eta ɖeka. 11 Baba na amesiwo tɔa fɔŋli hetia aha muame yome, eye wotsia anyi vaseɖe zãtiƒe, ne wein nade dzo lã me na wo! 12 Kasaŋkuwo, saŋkuwo, asiʋuiwo kple dzewo kpakple wein kpena ɖe woƒe aglotutu la ŋu; ke womeɖea ŋku ɖe Yehowa ƒe dɔwɔwɔ o, eye womekpɔa eƒe asinudɔwɔwɔ o. 13 Eyata woaɖe aboyo nye dukɔ le manyamanya me, woƒe ame ŋkutawo azu dɔwuitɔwo, eye tsikɔ awu woƒe amehawo ate wo ŋu. 14 Eyata tsieƒe ke eƒe ve me, eye wòke eƒe nu baa, eye Yerusalem ƒe atsyɔ̃, eƒe amehawo, eƒe howɔwɔ kple amesiwo kpɔa dzidzɔ le eme la, age ɖe eme. 15 Ekema amegbetɔ atsyɔ akɔ anyi, woabɔbɔ ŋutsu ɖe anyi, eye woate dàda ŋkuwò ɖe to; 16 Yehowa Zebaot anye gã le ʋɔnudɔdrɔ̃ me, eye Mawu kɔkɔe la akɔ eɖokui ŋu le dzɔdzɔenyenye me. 17 Alẽviwo aɖu gbe le afima, abe woawo ŋutɔ ƒe gbeɖuƒee wònye ene, eye lã tutɔwo aɖu nu le amidalawo ƒe aƒedowo me. 18 Baba na amesiwo tsɔa alakpaka dea vodada nɔa hehem, eye wotsɔa tasiaɖamka hea nuvɔ̃e! 19 Amesiwo noa gbɔgblɔm bena: Newɔ kabakaba, neƒo du ɖe eƒe dɔ nu, ne míakpɔe; eye Israel ƒe kɔkɔetɔ la ƒe adaŋudede nete va, ne miadze sii. 20 Baba na amesiwo yɔa vɔ̃ be nyui kple nyui be vɔ̃, amesiwo tsɔa viviti wɔa kekelii, eye wotso kekeli wo vivitii, amesiwo tsoa veve wɔa vivii, eye wotsɔa vivi wo vevee! 21 Baba na amesiwo bua wo ɖokui nunyalawoe, eye wonye nugɔmeselawo le woawo ŋutɔwo ŋku me. 22 Baba na amesiwo nye kalẽawo le weinnono me kple ŋutsuwɔlawo le aha muame toto me. 23 Amesiwo xɔa zãnu hetsona na ame vɔ̃ɖiwo, eye wodaa adzo nya dzɔdzɔe le ame dzɔdzɔewo si. 24 Eyata woƒe ke azu nu nyunyɔ abe ahɔ̃liti takpoe, si dzo ƒe aɖe fiã, kple gbe ƒuƒu, si nye afi ɖe dzo me la ene, eye woƒe seƒoƒo ami ya abe ʋuʋudedi ene, elabena wogbe Yehowa Zebaot ƒe nufiame, eye woɖe alɔme le Israel ƒe kɔkɔeto la ƒe nyawo ŋu. 25 Eyata Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe eƒe dukɔ ŋu, eye wòdo eƒe alo ɖe dzi heƒo wo, ale be towo dzo kpekpekpe, eye woƒe kukuawo tsi kpɔdome abe gbeɖuɖɔ ene. Ke to esiawo katã gbɔ hã la eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko. 26 Akɔ aflaga dzi na dukɔa ɖe le didiƒe, eye wòala aku ayɔe tso anyigba ƒe mlɔenu, eye kpɔ ɖa, anɔ du dzi ava kaba. 27 Ɖeɖi mate amea ɖeke ŋu o, eye ame kudɔea ɖeke manɔ wo dome o; womada alɔ̃ o, eye womada akɔlɔ̃e o, alidziblanu matu le woƒe ali o, eye woƒe atokotaka matso o; 28 wonyre woƒe aŋutrɔwo, eye wovu woƒe dawo katã me; woƒe so wo ƒe afɔwo le abe kpe ene, eye woƒe tasiaɖamfɔwo ɖi ahom. 29 Wole gbe ɖem abe dzatanɔ ene, eye wole xaxlɔ̃m abe dzataviwo ene; wole gbe tem helé nu tso dzoe, eye amea ɖeke mate ŋu axɔe o. 30 Eye wòaɖe gbe ɖe eɖzi gbemagbe abe atsiaƒu ƒe gbeɖeɖe ene, eye ne woɖe ŋku ɖe anyigba dzi la, hiã ƒe blukɔ koe li, eye woƒe alilikpo na kekeli do viviti. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana