Yesaya 48 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu bia tso eƒe dukɔ kɔlialiatɔ le si bena, wòaxɔ eƒe amenuveve ɖeɖe la dzi ase, eye wòaɖo to ye. 1 Misee, Yakob ƒe aƒe, mi amesiwo tso Israel ƒe ŋkɔ, eye miedzɔ tso Yuda ƒe tsidzɔƒewo, mi amesiwo taa Yehowa ƒe ŋkɔ, eye miekafua Israel ƒe Mawu la, ke menye le nya teƒe kple dzɔdzɔenyenye me o. 2 Elabena woyɔa du kɔkɔe la ɖe wo ɖokui ŋu, eye woɖoa dzi ɖe Israel ƒe Mawu, si ŋkɔ nye Yehowa Zebaot la ŋu. 3 Meɖe blemanyawo fia gbaɖegbe ke; nye nu me wodo tso, eye mena wosee, mewɔe zi ɖeka kpoyi, eye wova dzɔ. 4 Esi menyae be, wò tame sẽ, wò ʋume nye gakpɔti, eye wò ŋgonu nye akɔbli la, 5 eyata meɖee fia wò gbaɖegbe ke, eye mena nèsee, hafi woava dza, ne màgagblɔ be: Nye legbawoe wɔe, nye aklama kpakpɛwo kple nye legba kɔkɔwoe ɖoe o. 6 Esee, eye nèɖe ŋku ɖe wo katã; ke miawo, ɖe miagbe boblododoea? Maɖe nu yeyewo afia wò tso azɔ kple nu ɣaɣla siwo menya o. 7 Fifia wowɔe, eye menye tso blema o, eye mèse eŋu nya kpɔ vaseɖe fifi o, ne nagagblɔ be, yenyae tsã o. 8 Mèsee kpo alo nyae o, eye wò to meke ɖe eŋu tsã o, elabena menyae be, ame mawɔnuteƒe nènye, eye godzela woyɔna na wò tso dɔ me ke. 9 Metsi nye dɔmedzoe nu le nye ŋkɔ ta, eye le tawò meɖo asi ɖokuinye dzi le nye kafukafu ŋuti, be magatsrɔ̃ wò o; 10 kpo ɖa, melólo wò, ke menye abe klosalo ene o, eye medo wò kpo le hiã ƒe aŋoɖakpo me. 11 Le tanye, le tanye mawɔe, elabena aleke womehegblẽ kɔ ɖo na nye ŋkɔe o! Nyematsɔ nye bubu na ame tutɔa ɖeke o. 12 Yakob kple wò Israel, si meyɔ, miɖo tom! Nyee, nyee nye gbãtɔ, eye nyee nye mlɔetɔ hã. 13 Nye asie ɖo anyigba gome anyi, eye nye nuɖusie he dziƒo me; esi meyɔ wo la, wo katã wova tsi tre ɖi. 14 Mi katã mikpe ta, ne miasee! Wo dometɔ kae gblɔ esia? Amesi Yehowa lɔ̃na la, aɖe eƒe lɔlɔ̃nu afia ɖe Babel kple eƒe alɔkpa afia ɖe Kaldea-tɔwo ŋu. 15 Nyee, nyee ƒo nu, meyɔe, eye mena wòva, eye eƒe mo adze edzi nɛ. 16 Mite ɖe ŋunye, ne miasee; tso gɔmedzedzea me ke nyemeƒo nu le adza me o; mele eteƒe tso gbaɖegbe ke, esime wòva me. Azɔ Aƒetɔ Yehowa kple eƒe gbogbo la ɖom ɖa. 17 Ale Yehowa, wò xɔnametɔ, Israel ƒe kɔkɔetɔ la, gblɔ esi: Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to ma, si dzi nato la. 18 Ɖe wònye ɖe neɖo to nye seawo la, anye ne wò ŋutifafa ana abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene; 19 anye ne wò ƒome ano abe ke ene, eye wò dɔmeviwo abe kekui ene; eye womatsrɔ̃ wò ŋkɔ alo atutui ɖa le ŋkunye me o. 20 Mitso aseyetsotso ʋu tso Babel, eye nusi tso Kaldea-nyigba dzi! Migblɔ nusia, eye miɖe gbe ƒãe, mihee yi anyigba ƒe mlɔenu ke, migblɔ be: Yehowa ɖe eƒe dɔla Yakob! 21 Tsikɔ mewu wo, esi wòkplɔ wo to gbegbe o; ena tsi do tso agakpe me na wo, eye wòle agakpe wòɖudu tsi. 22 Yehowa be: Ŋutifafaa ɖeke meli na ame vɔ̃ɖiwo o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana