Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 47 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Babel ƒe gbegblẽ.

1 Wò ɖetugbi, Babel nyɔnuvi, ɖi ɖe anyi, eye nabɔbɔ nɔ ke me! Bɔbɔ nɔ anyigba fiazikpui makpɔmakpɔe, wò Kaldea-nyɔnuvi! Elabena womagayɔ wò azɔ be fewunuwɔla kple atsyɔ̃nuwɔla vivivo o.

2 Ɖo teƒo natu wɔ, ɖe moxevɔ ɖa, ɖe taɖedzi ɖa, ɖe ata ƒuƒlu, ne natso tɔ!

3 Wò ama adze go, eye woakpɔ wò ŋukpeƒe. Mabia hlɔ̃, eye amea ɖeke matso mía dome o.

4 Míaƒe xɔnametɔ la ŋkɔ enye Yehowa Zebaot, Israel ƒe kɔkɔetɔ!

5 Kaldea-nyɔnuvi, zi ɖoɖoe klenee nabɔbɔ nɔ anyi, eye nayi ɖe blukɔ me! Elabena womagayɔ wò azɔ be fiaɖuƒewo ƒe aƒenɔ o.

6 Medo dɔmedzoe ɖe nye dukɔ ŋu, medo gu nye domenyinu, eye metsɔ wo de asi na wò; ke mèkpɔ nublanui na wo o, eye nètsɔ wò kɔkuti kpekpe do amegã ɖeɖiwo dzi.

7 Egblɔ be, yeanye aƒenɔ daa tegbee; esia mede dzigbɔ na wò o, eye meɖo ŋu alesi woava nɔ emegbe o.

8 Azɔ see, wò agbe vivi ɖula, si li bɔkɔɔ, eye nèle gbɔgblɔm le wò dzi me be; Nye koe, ɖeke megali o, nyemazu ahosi o, eye womaɖe vi le ŋunye o.

9 Eyata nusiawo kple eve adzɔ ɖe dziwò gbe ɖeka kpoyi, woaɖe vi le ŋuwò, eye nazu ahosi; to wò dzosasa geɖeawo kple wò gbesa gbogboawo gbɔ hã woaƒo ɖe dziwò bibibi.

10 Eɖo ŋu ɖe wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋu gblɔ bena: Amea ɖeke mele kpɔyem o. Wò nunya kple wò ayedzedze flu wò, nègblɔ le wò dzi me bena: Nye koe, ɖeke megali o!

11 Eyata dzɔgbevɔ̃e adzɔ ɖe dziwò, eye màte ŋu asa gbe adoe o; gbegblẽ ava dziwò, màte ŋu atsi enu o, eye tsɔtsrɔ̃ aƒo ɖe dziwò kpoyi, hafi nava nyae.

12 Do kple wò gbesawo kpakple wò dzo gbogbo, siwo ŋu nèku kutri le tso wò ɖevime ke; ɖewohĩ ate ŋu awɔ nane, ɖewohĩ ate ŋu ado ŋɔdzi na amea ɖe.

13 Ede aɖaŋu geɖe wòti ko na wò; na dziŋgɔli me nyalawo, amesiwo ɖea ŋku ɖe dzinuviwo, eye wodzea si nusi gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe dziwò le dzinu me la, natso axɔ na wò.

14 Kpɔ ɖa, gbe ƒuƒu wonye, dzo afiã wo, womaɖe woƒe agbe tso dzoƒaɖe ƒe ŋusẽ nu o, elabena menye dzoka xɔxɔ wònye, ne wòa ƒu o, eye menye mlekpui me dzo wònye, ne woabɔbɔ nɔ enu o.

15 Alea amesiwo ŋu nèku kutri ɖo, eye mia kpli wo mietsa asi tso wò ɖevime ke la, woazu na wò, amesiame lé eƒe mɔ, eye ɖeke mexɔ na wò o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan