Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 46 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Babilonia legbawo gbegblẽ. Xɔxɔ li na Israel le Mawu anukwaretɔ la gbɔ.

1 Bel mũ, eye Nebo do dɔgɔe; wotsɔ miaƒe legba, siwo mieléna ɖe ta la, de asi na agbatsɔlãwo, wotsɔ wo do agbae ɖe lã, si ŋu ɖeɖi te la dzi.

2 Wo katã wodo dɔgɔe, eye womũ, womate ŋu axɔ agba la o, eye woawo ŋutɔ wozɔ yi aboyo me.

3 Yakob ƒe aƒe la kple Israel ƒe aƒe me ame mamleawo, miɖo tom, mi amesiwo metsɔ do agba ɖe ɖokuinye dzi tso dɔ me ke, eye metsɔ mi tso vidzidɔ me ke.

4 Ame ma ke manye, vaseɖe esime miaku amegã; matsɔ mi ado agbae ɖe ɖokuinye dzi, eye maɖe mi.

5 Ameka ŋu miehe, yewoatsɔm aɖoe, ne míasɔ kple mía nɔewo? eye ameka miebe, yewoatsɔ aɖo ŋunye, ne míaɖi mía nɔewo?

6 Wo, amesiwo dudua sika tsoa kotoku me ɖe anyi, eye wodaa klosalo le nudanu me, woɖatsɔa gbeɖe, ne woatsɔe awɔ mawu, si woadze klo ade ta agu na.

7 Wokɔe ɖo abɔta, eye wode ta ete ɖadro ɖe enɔƒe; etsia tre ɖi meʋãna tsoa eteƒe o. Ne amea ɖe do ɣli nɛ hã, mesenɛ o, eye meɖenɛ tsoa eƒe hiã la me o.

8 Miɖo ŋu esia, eye mili ɖe nu ɖeka dzi; mi godzelawo, mina wòade dzi gbɔ na mi.

9 Mido ŋu nusiwo dzɔ va yi tso blema la be, nyee nye Mawu, ɖeke megali o, nyee nye Mawu, amea ɖeke mesɔ kplim o;

10 nye amesi ɖe nuwuwu fia le gɔmedzedzea me ke kple nusi gbɔna dzɔdzɔ ge la fia le blema ke gblɔ bena: Nye tame-ɖoɖo ava me, eye mawɔ nye didiwo katã dzi;

11 nye amesi yɔ hɔ̃ tso ɣedzeƒe kple ŋutsu, si nye nye tameɖoɖotsɔla la, tso anyigba matsɔmatsɔ dzi; megblɔ nya, eye mana woava eme hã, meɖo nu, eye mawɔe hã.

12 Miɖo tom, mi tamesẽlawo, mi amesiwo le adzɔge na dzɔdzɔenyenye.

13 Mehe nye dzɔdzɔenyenye va kpuiƒee, mele adzɔge o, eye nye xɔname mahe de megbe o; mana xɔname Zion kple nye atsyɔ̃ Israel.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan