Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 45 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Ŋusẽkatãtɔ la di bena, veagblẽ trɔ̃subɔsubɔ, eye yeaɖe Israel to Kores dzi.

1 Ale Yehowa gblɔ na Kores, eƒe amesiamina la, amesi ƒe nuɖusi melé, ne mafanya dukɔwo le eŋgɔ, eye matu ali dzi na fiawo, maʋu ʋɔwo le eŋku me, eye agbowo matsi dodo o la, ènye si:

2 Madze ŋgɔwò, eye mana kpoƒewo nasɔ, magbã akɔbligbowo, eye maŋe gametiwo,

3 eye matsɔ kesinɔnu, si le blukɔ me, kple nu xɔasi, siwo woɣla la, ana wò, ne nadze sii be, nye Yehowa, Israel ƒe Mawu la, enye amesi tsɔ ŋkɔ yɔ wòe,

4 le nye dɔla Yakob kple nye ame tiatia Israel ta; metsɔ wò ŋkɔ yɔ wò, eye metsɔ bubuŋkɔ na wò, esi mèkpɔ dze sim haɖe o.

5 Nyee nye Yehowa, ɖeke megali o; mawua ɖeke mekpe ɖe ŋunye o; mebia ali dzi na wò, esi mekpɔ dze sim haɖe o,

6 ne wòadze sii tso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe be, amea ɖeke mekpe ɖe ŋunye o. Nyee nye Yehowa, ɖeke megali o,

7 nye amesi ɖo kekeli, eye mewɔ viviti, nye amesi wɔ dzɔgbenyuie, eye mehe dzɔgbevɔ̃e vɛ. Nye Yehowa ye wɔ nusiawo katã!

8 Mi dziƒowo, nuɖuɖu tso dzi me, eye alilikpowo nadza dzɔdzɔenyenye; anyigba neke nu, ne xɔname nado, eye dzɔdzɔenyenye hã namie Nye Yehowa ye wɔe.

9 Baba na amesi le dzre hem kple emèla, sonu gaglɛ wònye le anyisonu gaglɛwo dome! Ɖe tsu agblɔ na emela be: Nuka wɔm nèle? alo eƒe dɔwɔwɔ nagblɔ be: Mèto asi oa?

10 Baba na amesi gblɔna fofoa be: Nuka la nedzim? eye na nyɔnu be: Nuka ta nèle ku ɖo?

11 Ale Yehowa, Israel ƒe kɔkɔetɔ kple emèla, gblɔ esi: Mibia nusiwo gbɔna dzɔdzɔ ge la ta se, ke mina makpɔ vinyewo kple nye asinudɔwɔwɔwo ƒe nya gbɔ.

12 Nyee wo anyigba, eye mewo ame ɖe edzi. Nye asie he dziƒo me, eye meɖo eŋu nuwo katã.

13 Menyae le dzɔdzɔenyenye me, eye mala eƒe mɔwo katã. Eyae atso nye du la, eye wòaɖe asi le nye aboyomewo ŋu, menye le ga alo nunana ta o; Yehowa Zebaot ye gblɔe!

14 Ale Yehowa gblɔ esi: Egipte ƒe adzɔnuwo, Kus kple Sebatɔ ƒlalaawo ƒe viɖe age ɖe asiwò me ahazu tɔwò; woano ga me adze yowòme, eye woade ta agu na wò ahaƒo koko na wò be: Wò ɖeɖe ko gbɔe Mawu le, ɖeke megali o, mawu bubua ɖeke megali o.

15 Vavãe, wò Israel ƒe Mawu, xɔnametɔ la, Mawu ɣaɣla nenye!

16 Ŋukpe lé wo katã, eye woƒe mo tsi dã; legbamèlawo katã le yiyim le vlododo me.

17 Yehowa atso xɔname mavɔ aɖe Israel; ŋukpe kple vlododo malé mi tegbetegbe akpɔ o.

18 Elabena ale Yehowa, dziƒowɔla, eya amesi nye Mawu, eya amesi mè anyigba, eye wòwɔe; eya amesi ɖoe anyi, menye ɖe wòwɔe, be woatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmee, be woanɔ edzi la, gblɔ esi: Nyee nye Mawu, ɖeke mekpe ɖe ŋunye o.

19 Nyemeƒo nu le vivi me le anyigba ƒe teƒe, si do blukɔ o; nyemegblɔ na Yakob ƒe ƒome la be: „Midim yakatsyɔ“ o. Nye Yehowa megblɔ nusi le eme, eye meto nyateƒe.

20 Mi dukɔwo ƒe ame sisiwo, miƒo ta kpli, eye miva, mi katã milé va! Ame manyanuwo wonye, amesiwo lé woƒe aklama kpakpɛ tikpowo ɖe la, eye wole gbe dom ɖa na mawu, siwo meɖea ame o.

21 Migblɔe, eye mihee vɛ, woade adaŋu kple wo nɔewo. Ameka na wose nusiawo gbaɖegbe ke, eye wògblɔe tso blema ke? Nye Yehowa ye, eye mawua ɖeke mekpe ɖe ŋunye o!

22 Mi anyigba ƒe mlɔenuwo katã, mitrɔ ɖe ŋunye, eye mina woaxɔ na mi; elabena nyee nye Mawu, ɖeke megali o.

23 Meta ɖokuinye, nya vava do tso nye nu me, eye matrɔ o be: Klowo katã ata anyi nam, eye aɖewo katã aka atam nam

24 ahagblɔ bena: Míaƒe dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ le Yehowa gbɔ; amesiwo katã do dziku ɖe eŋu la, ava egbɔ, eye ŋu akpe wo.

25 Yehowa ye woatsɔ atso afia na Israel ƒe ƒomeawo katã, eye woaƒo adegbe.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan