Yesaya 44 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Amenuveve gbɔgbɔ la kɔkɔɖanyi. 1 Azɔ nye dɔla Yakob kple nye ame tiatia Israel, see! 2 Ale Yehowa, wɔwòla kple mèwòla tso dɔ me ke, amesi li kpli wò la, gblɔ esi: Nye dɔla Yakob kple nye ame tiatia Yesurun, megavɔ̃ o! 3 Elabena maƒo tsi ɖe kuɖinyigba dzi kple tɔʋu wo ɖe anyigba ƒuƒu dzi. Matrɔ nye gbɔgbɔ akɔ ɖe viwòwo dzi kple nye yayra ɖe wò dzidzimeviwo dzi, 4 ne woamie abe gbe ene, abe amuti le tɔ to ene. 5 Amesi agblɔ be, Yehowa tɔ ye nye, ame keme atsɔ Yakob ƒe ŋkɔ na eɖokui, eye ame bubu aŋlɔ Yehowa ɖe eƒe asi ŋu, eye wòaƒo Israel ŋkɔ ɖo na eɖokui. Trɔ̃subɔsubɔ ƒe bometsinuwo. 6 Ale Yehowa, Israel ƒe fia kple eƒe xɔnametɔ, Yehowa Zebaot,: gblɔ esi: Nyee nye gbãtɔ, eye nyee nye mlɔetɔ; mawua ɖeke mekpe ɖe ŋunye o. 7 Ameka agblɔ nya abe nye, amesi ɖo dukɔwo gɔme anyi tso blema ke la ene, ne wòaɖee afia, eye wòatoe nam? Woagblɔ nusi le eme va ge kple nusi le dzɔdzɔ ge la na wo! 8 Ŋɔ megadzi mi o, eye migadzo nyanyanya o! Ɖe nyemena miesee tso gbaɖegbe ke, eye nyemetoe na mi oa? Miawoe nye nye ɖasefowo. Ɖe mawua ɖe li kpe ɖe ŋunyea? Agakpea ɖeke meli o, nyemenya ɖeke o. 9 Legba mèlawo katã la toflokowo wonye, eye woƒe nu lɔlɔ̃awo mele ɖeke me o; woawo ŋutɔwoe nye woƒe ɖasefowo be, womele nu kpɔm o, eye womedzea si nu o, eyata ŋukpe alé wo. 10 Amekae wɔ mawua ɖe, eye amekae kɔ legbaa ɖe, si mele ɖeke me o? 11 Kpɔ ɖa, ŋu akpe wo hatiwo katã; aɖaŋuawo la, amegbetɔwo wonye, wo katã naƒo ta kpli, eye woado: ke woadzo nyanyanya, eye ŋukpe alé wo katã. 12 Gbeɖe tsɔa gayibɔ tua fiae, ewɔa eŋu ɖɔ le dzoka xɔxɔ me, etsɔa zu tunɛ, eye wòtsɔa eƒe alɔkpa sesẽ wɔa ɖɔ le eŋu; ne dɔ va wui la, ekema ŋusẽ vɔna le eŋu, ne meno tsi o la, ekema eƒe lãme tuna. 13 Atikpala daa dzidzeka, etsɔa ɣe tanɛ, eye wòtsɔa fi kpanɛ, etsɔa nudzidzega tanɛ, eye wòwɔnɛ ɖe ŋutsu ƒe nɔnɔme me, ɖe amegbetɔ ƒe ɖekadzedze me, ne wòanɔ xɔ me. 14 Amea ɖe lã sedertiwo, etsɔ fɔfɔli kple logoti, eye wotia avemetiwo na eɖokui. Eɖo sesewu wo, eye tsidzadza na wotsi. 15 Wonye dzodonu na amegbetɔ; etsɔ ɖe do dzoe heƒu, eye wòtsɔe do dzo ƒo aboloe; etsɔ ɖe wɔ mawui hede ta agu nɛ, eye wòtsɔ ɖe wɔ aklama kpakpɛe heɖo gbe ɖa nɛ. 16 Etsɔa eƒe afã ɖoa dzoe, eye eƒe afã dzi woɖua lã le; etɔa lã ɖuna ɖia ƒo, eƒua dzo hegblɔna be: Ehɛ̃, dzo ɖo lã me nam, dzoa le nunye vivim! 17 Etsɔ mamlea wɔ mawui, etsɔe wɔ eƒe legbae, eye wòdze klo ɖe ta agu nɛ hedo gbe ɖa nɛ gblɔ bena: Ɖem, elabena wòe nye nye mawu! 18 Womenyaa nu o, eye womedzea si nu o, elabena woƒe ŋku nye tre mele nu kpɔm o, eye woƒe dzi mele nu gɔme sem o. 19 Amea ɖeke mebua ta me, eye wòkpɔ sidzedze kple gɔmesese o, ne wòagblɔ be: Metsɔ afã do dzoe, meƒo abolo ɖe eƒe akawo dzi, eye metɔ lã ɖu tso; ɖe matsɔ mamlea awɔ ŋunyɔnui, eye ɖe maɖo gbe na atikpoa? 20 Amesi le dzofi yome la, dzi bleamee flui, maɖe eƒe agbe o, eye magblɔ na eɖokui o be: Ɖe menye aʋatsoe melé ɖe nuɖusi oa? Israel nuveve kple eɖeɖe. 21 Yakob kple Israel, ɖo ŋui, elabena nye dɔla nènye; nyee wɔ wò nènye nye dɔla; Israel, megaŋlɔm be o! 22 Mena wò dzidadawo bu abe atu ene kple wò nuvɔ̃wo abe alilikpo ene; trɔ va gbɔnye, elabena meɖe wò. 23 Mi dziƒowo, mitso aseye, elabena Yehowa wɔe wòde go! Mi anyigba ƒe agunuwo, mido aƒa! Mi towo, avewo kple wo me nuwo katã, mitso aseye hoo, elabena Yehowa ɖe Yakob, eye wòdo kɔkɔe eɖokui ɖe Israel ŋu. 24 Ale Yehowa, ɖewòla, amesi mè wò tso dɔ me ke la, gblɔ esi: Nyee nye Yehowa, amesi wɔ nusiawo katã, nye ɖeka koliae he dziƒo me, eye mekeke anyigba me, amea ɖeke mekpe ɖe ŋunye o. 25 Eya, amesi gblẽa nu kpoloe ƒolawo ƒe dzesi me, eye wòdoa bometsila afakalawo; eya, amesi nana nunyalawo gbugbɔna, eye wòdoa lã woƒe nunya; 26 eya, amesi nana eƒe dolawo ƒe nya vaa me, eye wòwɔa eƒe ame dɔdɔ ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi; eya, amesi gblɔ na Yerusalem be, woaganɔ eme, eye wogblɔ na Yuda-duwo be, woatso wo, eye yeafɔ eƒe glikpowo ɖe tsitrenu; 27 eya, amesi gblɔ na to gome be, mie, eye mana wò tɔsisiwo naƒu kplakplakpla; 28 eya, amesi gblɔ na Kores be: Nye lãkplɔvi nenye! Eyae awɔ nye ɖiɖiwo katã ade goe, eye wòagblɔ na Yerusalem be, woatsoe, eye na gbedoxɔ be, woaɖo egɔme anyi! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana