Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 43 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu aɖo eƒe dukɔ la, abe alesi wodo ŋugbe ene, eye woatsɔ eƒe dzidadawo akee to amenuveve me.

1 Azɔ ale Yehowa, amesi wo wò Yakob, eye wòme wò Israel la, gblɔ esi: Megavɔ̃ o, elabena meɖe wò, metsɔ wò ŋkɔ yɔ wò be: Tɔnye nènye.

2 Ne èto to me la, meli kpli wò, eye ne èto tɔsisiwo me la, womalé wò o. Ne èto dzo me, mamè wò o, eye dzo ƒe adewo mafiã wò o.

3 Elabena nye Yehowa enye wò Mawu, nye Israel ƒe kɔkɔetɔ la enye wò xɔnametɔ. Matso Egipte aƒle tawo, eye Kus kple Seba axɔ de tewòƒe.

4 Esi nèxɔ asi le ŋkunye me, bubu le ŋuwò, eye melɔ̃ wò ta la, matso amegbetɔwo ana ɖe tewòƒe kple dukɔwo de wò agbe ta,

5 Megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; makplɔ viwòwo tso ɣedzeƒe vɛ, eye maƒo nuwo ƒu tso ɣetoɖoƒe!

6 Magblɔ na anyiehe be; Tsɔe ve! eye na dziehe be: Megasika ame di o! Kplɔ vinyeŋutsuwo tso didiƒe vɛ kple vinyenyɔnuwo tso anyigba ƒe mlɔenu,

7 amesiwo katã ŋu woyɔ nye ŋkɔ do, amesiwo mewɔ hena nye bubu, memè wo, eye mewo wo.

8 Kplɔ dukɔ, si ta ŋku le, hafi wònye ŋkunɔ, to le eta, hafi wònye tokunɔ la doe!

9 Dukɔwo katã neƒo ƒu, anyigba dzi dukɔwo katã neƒo ta kpli: Ameka le wo dome agblɔ esia, alo ana míase nya, siwo dzɔ va yi? Woƒe ɖasefowo neva, ne woatso na wo, eye woasee ahagblɔ bena: Ele eme.

10 Yehowa be: Miawoe nye nye ɖasetɔwo kple nye dɔla, si metia, ne mianyae, miaxɔ dzinye ase, eye miadze sii be, nyee. Womewɔ mawua ɖeke do ŋgɔ nam o, eye ɖeke mado megbe nam o.

11 Nyee nye Yehowa, eye xɔnametɔa ɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.

12 Medo ŋugbe, eye mexɔ na ame; mena miesee, eye mawu tutɔa ɖeke mena mia dome o; Yehowa be, míawoe nye nye ɖasefowo, eye nyee nye Mawu.

13 Nyee li tso tititi ke, eye amea ɖeke maxɔ ame le asinye o; ne mewo nu la, ameka atrɔe?

14 Ale Yehowa, miaƒe xɔnametɔ, Israel ƒe kɔkɔetɔ la, gblɔ esi: Le mia tae medɔ ame ɖo ɖe Babel, eye mena wonyã amewo ɖe nu, eye wonyã Kaldeatɔwo ɖo ɖe woƒe ʋu, siwo me wokpɔ dzidzɔ le tsã la me.

15 Nye Yehowa enye miaƒe kɔkɔetɔ, nye Israel ƒe wɔla enye miaƒe fia.

16 Ale Yehowa, amesi ta mo ɖe atsiaƒu me, eye wòɖe toƒe ɖe to sesẽwo me la, gblɔ esi:

17 eya, amesi na tasiaɖamwo, sɔwo, aʋakɔwo kple kalẽtɔwo siaa ho; woɖo baba ɖe anyigba, eye womegafɔ o, wo nu tsi, abe alesi akaɖi me ɖovu tsina ene:

18 Migaɖu ŋu gbaɖegbe nuwo o, eye migalé ŋku ɖe nusiwo dza va yi la ŋu o.

19 Kpɔ ɖa, mele nu yeye wo ge; ele nu dom ɖa xoxo, miedze sii oa? Mana mo tata naɖo gbe dzi, eye tɔsisiwo nado gbegbe.

20 Gbemelãwo, amegãxiwo kple golowo akafum, elabena mena tsi ɖo gbe dzi, eye tɔsisiwo ɖo gbegbe, ne mana tsi nye dukɔ, nye ame tiatiawo, ne woano.

21 Dukɔ, si mewɔ na ɖokuinye la, axlẽ nya afia le nye kafukafu ŋu.

22 Yakob, menye wòe yɔm o, eye Israel, mèdze agbagba le ŋunye o.

23 Mètsɔ wò alẽviwo sa numevɔ nam o, eye mètsɔ wò akpedavɔsawo de bubu ŋunye o. Nyemetsɔ wò nuɖuvɔsawo do agba na wò o, alo tsa dzudzɔ ʋeʋẽe dodo ɖe fu na wò o.

24 Mètsɔ ga ƒle gbekee nam o, eye metsɔ wò akpedavɔsawo ƒe ami ɖi ƒoe nam o; ke boŋ etso wò nuvɔ̃wo ɖo agba nam, eye nèɖe fu nam kple wò vodadawo.

25 Nyee, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemaɖo ŋu wò nuvɔ̃wo o.

26 Do ŋku edzi nam, na míahe nya kple mia nɔewo; to wò nyawo, ne towo nadzɔ.

27 Fofowò gbãtɔ wɔ nuvɔ̃, eye amesiwo nɔ nuwò la, to vo ɖe ŋunye.

28 Eyata medo gu amegã kɔkɔeawo, metsɔ Yakob de asi na tsɔtsrɔ̃ gbidigbidi, eye Israel na fewuɖuɖu.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan