Yesaya 42 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mesia enye kekeli na trɔ̃subɔlawo kple kplɔla na dukɔ ŋkuagbãtɔ la. 1 Kpɔ ɖa, nye dɔla enye si, malée ɖe te, nye ame tiatia, si ƒe nu nyo ŋunye! Meda nye gbɔgbɔ ɖe edzi, ne woahe nye ɖoɖowo ayi na dukɔwo. 2 Mado ɣli alo aɖo boboe o, eye mana woase eƒe gbe le kpɔdome o. 3 Maɖe aƒla ŋeŋe la le enu o, eye matsi ɖovu bibi fiɖifiɖi la o. Ahe ɖoɖo la ayii le nyateƒe me. 4 Ɖeɖi mate eŋu o, eye eƒe lãme matu o, vaseɖe esime wòaɖo ɖoɖo la anyigba dzi, ƒukpowo le mɔ kpɔm na eƒe nufiame. 5 Ale Mawu Yehowa, amesi wɔ dziƒowo, eye wòhe wo me, amesi keke anyigba kple eƒe numiemiewo ɖe nu, amesi na agbe dukɔ, si le eɖzi, kple gbɔgbɔ amesiwo zɔa edzi la, gblɔ esi: 6 Nye Yehowa ye yɔ wò le dzɔdzɔenyenye me, melé wò alɔnu, eye mekpɔ tawò, eye metsɔ wò wɔ nubabla na dukɔ la kple kekeli na anyigba dzi dukɔwo, 7 ne naʋu ŋku na ŋkuagbãtɔwo, eye naɖe amesiwo wode gae la, tso ga me, kple amesiwo bɔbɔ no viviti me la, tso gaxɔ me. 8 Nyee nye Yehowa, ŋkɔnyee, nyematsɔ nye bubu na ame tutɔ kple nye kafukafu na legbawo o. 9 Kpɔ ɖa, gbaɖegbe nyawo va me, magblɔ yeyewo, eye mana miasee, hafi woava dzɔ. 10 Mi amesiwo toa atsiaƒu dzi, kple atsiaƒu me nuwo, mi ƒukpowo kple wo dzi nɔlawo, midzi ha yeye na Yehowa, miɖe gbe ƒã eƒe kafukafu tso anyigba ƒe mlɔenu! 11 Gbegbewo kple woƒe duwo kpakple kɔƒe, siwo me Kedar le la, negli! Agakpe dzi nɔlawo nètso aseye, wòado ɣli tso towo ƒe tsutsuẽƒe ke! 12 Woade bubu Yehowa ŋu, eye woaɖe gbe ƒã eƒe kafukafu le ƒukpowo dzi! 13 Yehowa ho abe kalẽtɔ ene, eɖe dzo ŋuʋaʋã me abe aʋawɔla ene, edo ɣli, eye wòtso ayiboopɛɛ, eɖe ŋusẽ fia ɖe eƒe futɔwo ŋu. 14 Mezi ɖoɖoe eteƒe didi, memiã nu kpoo, eye mezi ɖokuinye dzi: azɔ mado ɣli abe nyɔnu léku ene, eye mala gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo anɔ gbɔgbɔm fuxefuxe. 15 Magblẽ towo kple togbɛwo, eye mana woƒe gbe mumuwo katã naƒu, mana tɔsisiwo nado kpo, eye mana táwo namie. 16 Mana ŋkuagbãtɔwo nazɔ mɔ, si Womenya o la dzi, eye makplɔ wo ato toƒe manyamanyae, mana viviti nazu kekeli le wo ŋgɔ, eye kpoƒeewo nazu zɔzrɔ̃e. Nusiawo wo ge mala, eye nyemadzudzɔe o. 17 Amesiwo ɖoa dzi ɖe aklama kpakpɛwo ŋu, eye wogblɔna na legbawo be: Miawoe nye míaƒe mawuwo la, woate gbugbɔ ɖe megbee, eye ŋu akpe wo vevie. 18 Mi tokunɔwo, mise nu, mi ŋkuagbãtɔwo, mifɔ ko dzi miakpɔ nu! 19 Amekae nye ŋkunɔ, ɖe menye nye dɔlae oa? Amekae nye tokunɔ abe nye amesi medɔ la enea? Amekae nye ŋkunɔ abe Mawu ƒe xɔlɔ̃ ene, eye amekae nye ŋkunɔ abe Yehowa ƒe dɔla ene? 20 Ekpɔ nu geɖe, ke mèlé wo ɖe ta me o; èke to, ke mèse nu o. 21 Edze Yehowa ŋu be, wòaɖe gãnyenye kple ŋutikɔkɔe se la ŋu lé eƒe dzɔdzɔenyenye ta; 22 ke dukɔ, si woha, eye woda adzoe la wonye, mɔ̃ ɖe wo katã le do me, eye woɣla ɖe gaxɔ me; woɖe aboyo wo, ke amea ɖeke mexɔ wo o, woha wo, ke amea ɖeke megblɔ be: Migbugbɔ wo vɛ o. 23 Mia dometɔ kae ase nusiawo, alé ŋku ɖe nusiwo gbɔna la ŋu, eye woaƒu to anyi ɖe wo ŋu? 24 Amekae de Yakob asi, be woaha, eye wòde Israel asi na adzodalawo? Ɖe menye Yehowa, amesi ŋu míewɔ nuvɔ̃ ɖo, miegbe eƒe mɔwo dzi zɔzɔ, eye míese eƒe nufiame o lae oa? 25 Etrɔ eƒe dziku ƒe dɔmedzoe kple aʋa ƒe ŋusẽ kɔ ɖe wo dzi, eye wòlé dzo bi ƒo xlã wo, ke womedze sii o, efiã wo, ke mede dzi gbɔ na wo o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana