Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 41 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu ana akɔfafa eƒe dɔla kple hiãtɔwo; ke ado ŋukpe trɔ̃subɔlawo.

1 Mi ƒukpowo, mimiã nu le ŋkunye me, ŋusẽ yeye neɖo dukɔwo ŋu; woate va, hafi woaƒo nu; titina míaƒo ta kpli ayi ʋɔnu.

2 Ameka nyɔ amesi yome xɔname le kplikplikpli la, tso ɣedzeƒe? Ameka tsɔ dukɔwo de asi le eŋku me, eye wòna wonyã avuzi le fiawo dzi? Ameka na woƒe yi zu abe ke ene, eye woƒe datiwo le abe tsro, si nu ya ene?

3 Eti wo yome, eto mɔ, si dzi eƒe afɔ meto kpɔ o, ke naneke mewɔe o.

4 Ameka wɔe heƒoe wòde go? Eya, amesi yɔ ƒomewo tso gomedzedzea me ke lae. Nye Yehowa enye gbãtɔ, eye alea ke mele na ame mlɔeawo!

5 Ƒukpowo kpɔe, eye dzidzi ƒo wo, anyigba ƒe mlɔenuwo dzo nyanyanya; woƒo ta kpli heva.

6 Wokpe ɖe wo nɔewo ŋu, eye amesiame gblɔ na nɔvia be: Lé dzi ɖe ƒo!

7 Aɖaŋua de dzi ƒo na sikanutula, amesi ƒoa ga gbabɛ la, de dzi ƒo na zũdala hegblɔ be: Wotsiãe nyuie. Tete woƒo gatagbadzɛ ɖee, be magaʋã o.

8 Ke wò, nye dɔla Israel, Yakob, amesi metia, xɔ̃nye Abraham ƒe ƒome,

9 wò, amesi melé tso anyigba ƒe mlɔenuwo, eye meyɔ wò tso eƒe dzogoewo dzi hegblɔ na wò be: Nye dɔla nènye, metia wò, eye nyemegbe wò o;

10 megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wo, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xoname ƒe nuɖusi alé wò.

11 Kpɔ ɖa, ŋukpe kple vlododo ava amesiwo katã do dɔmedzoe ɖe ŋuwò la dzi, wò ketɔwo atsrɔ̃, eye wo nu ayi.

12 Àdi amesiwo le dzre wɔm kpli wò la, ke mãkpɔ wo o, amesiwo le aʋa wɔm kpli wò la, azu tofloko agazui ɖe dzi.

13 Elabena nye Yehowa, wò Mawu, amesi le gbɔgblɔm na wò be, megavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò lae lé wò nuɖusi ɖe asi.

14 Wò, nyẽvi Yakob, wò, ha sue Israel, megavɔ̃ o! Makpe ɖe ŋuwò, Yehowa ye gblɔe; wò xɔnametɔ enye Israel ƒe kɔkɔetɔ la.

15 Kpɔ ɖa, matsɔ wò awɔ luƒotasiaɖam yeye ɖaɖɛ, si nu dɔ geɖe le. Àfanya towo, agba wo gudugudu, eye, àwɔ togbɛwo abe tsro ene.

16 Agbo wo, ya alo wo ɖe nu, eye ahom aka wo ahlẽ; ke wò la atso aseye ɖe Yehowa ŋu, eye aƒo adegbe ɖe Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu.

17 Ame dahewo kple hiãtɔwo, siwo le tsi dim, ke ɖeke meli o, eye woƒe aɖe ƒu le tsikɔwuame ta la, nye Yehowa makpe ɖe wo ŋu, nye Israel ƒe Mawu, nyemagblẽ wo ɖi o.

18 Maʋu go tɔsisiwo le to ƒeƒlewo ta me, eye tsidzɔƒe anɔ balimewo; mana gbegbe nazu tà, eye tsi nado bababa le kuɖiɖinyigba dzi.

19 Mado sederti, xe, gbemiti kple amiti ŋutɔ ɖe gbe dzi, eye mado sesewu, fɔfɔli kple kpomi siaa ɖe gbegbe;

20 ne woakpɔe, eye wòadze sii, wòade dzigbɔ na wò, eye woanyae be, Yehowa ƒe asie wo esia, Israel ƒe kɔkɔetɔ lae wɔe.

21 Yehowa be, mihe miaƒe dzrenyawo vɛ, Yakob ƒe fia la be, mihe miaƒe ɖokuitaʋlinyawo vɛ.

22 Woate va, ne woagblɔ nusi gbɔna dzɔdzɔ ge la, na mí. Kawoe nye tsãtɔwo? Migblɔe, ne míalé ŋku ɖe woawo kple woƒe nuwuwu ŋu, alo mina míase nusi le dzɔdzɔ ge la.

23 Migblɔ nusi gbɔna dzɔdzɔ ge la, ne miadze sii be, mawuwo míenye; miwɔ nyuie alo vɔ̃a ɖe, ekema míaƒe nu aku, eye mí katã míakpɔe kple ŋku.

24 Kpɔ ɖa, miele ɖeke me o, eye tofloko enye miaƒe dɔwɔwɔ; amesi tia mi la, ŋunyɔ wònye!

25 Menya amea ɖe tso anyiehe wòva, amesi aɖe gbe ƒã nye ŋkɔ la, tso ɣedzeƒe; azɔ anyigba-nunɔlawo dzi abe anyi me ene, eye abe alesi zemela nyãa tsui ene.

26 Ameka gblɔe tso gɔmedzedzea me, ne míadze sii, eye ameka gblɔe tso gbaɖegbe, ne míagblɔ be, etɔ dzɔ? Amea ɖeke megblɔe o, amea ɖeke mena wosee o, eye amea ɖeke mese miaƒe nyawo o.

27 Nyee nye ame gbãtɔ gblɔ na Zion be: Kpɔ ɖa, woawoe nye esi! Eye meɖo du nyui xɔlawo ɖe Yerusalem.

28 Metsa ŋu, ke amea ɖeke meli o; aɖaŋuɖolaa ɖeke mele wo dome, ne mabia nyae wòaɖo eŋu o.

29 Kpɔ ɖa, wo katã mele ɖeke me o, nu dzodzroa enye woƒe dɔwɔwɔ, ya kple tofloko enye woƒe legbawo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan