Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 40 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Aƒetɔ la ava ɖe eƒe dukɔ la.

1 Mifa akɔ, mifa akɔ na nye dukɔ, mía Mawu la gblɔe!

2 Mide dzi ƒo na Yerusalem be, eƒe aʋawɔdɔ la wu enu, eye woxe eƒe vodada ŋu fe, elabena exɔ teƒeɖoɖo eve nu tso Yehowa gbɔ ɖe eƒe nuvɔ̃wo katã ta.

3 Miƒu to anyi, gbeƒãɖelaa ɖe ƒe gbe enye si. Mita mɔ ɖe gbe dzi na Yehowa, eye miwɔ mɔwo dzɔdzɔe ɖe gbegbe na mía Mawu la!

4 Balimewo katã akɔ kpo, eye to kple togbɛwo katã anyẽ ɖe eme, kpoƒeewo azu zɔzrɔ̃e, eye kɔwo asɔ kple anyigba,

5 ne Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe naɖe eɖokui afia, eye ŋutilãwo katã nakpɔe; elabena Yehowa ƒe nue gblɔe.

6 Miƒu to anyi, amea ɖe le gbɔgblɔm be: De gbe ƒã! Tete megblɔ be: Nya ka tsɔ ge mala aɖe gbe ƒã lae? Ŋutilãwo katã le abe gbe ene, eye woƒe atsyɔ̃ le abe seƒoƒo le gbe me ene.

7 Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, elabena Yehowa ƒe gbɔgbɔ gbɔ ɖee. Nyateƒe, gbe enye dukɔ la!

8 Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, ke mía Mawu ƒe nya anɔ anyi tegbee.

9 Zion, wò du nyui xɔla, lia to kɔkɔ la; wò Yerusalem, du nyui xɔla, kɔ wò gbe dzi sesĩe; kɔe dzi megavɔ̃ o, eye gblɔ na Yuda-duwo bena: Kpɔ ɖa, mia Mawu enye si!

10 Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Yehowa gbɔna kple ŋusẽ, eye eƒe alo aɖu fia ɖe enu. Kpɔ ɖa, eƒe fetu kpe ɖe eŋu, eye eƒe teƒeɖoɖo le eŋgɔ.

11 Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔvi ene, alé alẽviawo ɖe abɔ dome, eye wòakɔ wo ɖe akɔnu, eye wòakplɔ vinɔwo ɖɔɖɔɖɔ.

12 Ameka tsɔ asiʋlo dzidze tsii, eye wodzidze asi ɖe dziƒo ŋu? Ameka tsɔ nudonui do anyigba dzi kee, etso nudanu da to, eye wòda togbɛwo le nudagbɛ me?

13 Ameka nya ta le Yehowa ƒe gbɔgbɔ nu, eye ameka nye eƒe adaŋudela, si fia nui?

14 Ameka wòde adaŋu kplii, be woafia nunyae, eye wòafia nui le nu dzɔdzɔe ƒe mɔ ŋu, wòafia sidzedzee, eye wòaɖe gɔmesese ƒe mɔ afiae?

15 Kpɔ ɖa, dukɔwo le abe tsi toŋtoŋ le ze ŋu ene, wobu wo abe ʋuʋudedi le nudanu ŋu ene; kpɔ ɖa, edo ƒukpowo abe kekui ko ene!

16 Libanon ƒe atiwo mesɔ gbɔ hena dzododo o, eye edzi lãwo mesɔ gbɔ hena numevɔsa o.

17 Dukɔwo katã mele ɖeke me le eŋku me o, ebu wo abe nu maɖinui kple tofloko ene.

18 Amekae miehe, yewoabu ɖe Mawu ŋu, eye nɔnɔme ka míebe, yewoatsɔ asɔ kplii?

19 Aɖaŋua kɔa legba, nutula faa sika ɖe eŋu, eye wòdea klosalo kɔsɔkɔsɔwo eŋu.

20 Amesi ɖo ko, be mate ŋu ana nu o la, tiaa ati, si manyunyɔ o la, na eɖokui, eye wòdia àɖaŋutɔ nyanua ɖe, amesi aɖo legba la anyi maʋuʋu o.

21 Miele nu nyam na? Miele nu sem oa? Ɖe wometoe na mi tso gɔmedzedzea ke oa? Ɖe mielé ŋku ɖe anyigba ƒe agunu ŋu oa?

22 Eya, amesi le xexeame godoo ta me, eye eme nɔlawo le dzedzem abe ʋetsuviwo ene; eya, amesi he dziƒo me abe avɔ beli ene, eye wòkekee abe agbadɔ ene, be yeanɔ eme;

23 eya, amesi na amegãwo zu nu maɖinui, eye anyigba dzi ʋɔnudrɔ̃lawo zu tofloko.

24 Womekpɔ do wo o, womekpɔ ƒã wo o, woƒe ali mekpɔ ƒo ke ɖe to o, tete wògbɔ ɖe wo, woƒu, eye ahom lɔ wo ɖe nu abe gbe ƒuƒu ene.

25 Kɔkɔetɔ la be: Ameka ŋu miebe, yewòatsɔm aɖoe, ne masɔ kplii?

26 Mifɔ mo dzi, ne míakpɔ nu! Ameka wɔ nusiawo, eye wòkplɔa eŋu nuwo ɖoa goe dedie? Eyɔa wo katã ŋkɔ, eye wo dometɔa ɖeke mesusɔna o le eƒe ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ la I nu.

27 Yakob, nukaŋuti nèle nu ƒom, Israel, nèle gbɔgblɔm be: Nye mo ɣla ɖe Yehowa, eye nye nya dzɔdzɔe to nye Mawu ŋu yi?

28 Menyae, eye mèsee kpɔ be, Mawu mavɔ enye Yehowa, amesi wɔ anyigba ƒe mlɔeanuwo oa? Nu metia kɔ nɛ o, ɖeɖi metea eŋu o, eye eƒe nunya ƒe ta metsɔ o.

29 Eyae naa lãmesesẽ amesiwo ŋu ɖeɖi te, eye wònaa ŋusẽ geɖe ame beliwo.

30 Nu tia kɔ na ɖekakpuiwo, eye ɖeɖi tea wo ŋu, eye ŋutsuwo dzea anyi;

31 ke ŋusẽ yeye ɖoa amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa ya ŋu, woɖoa li fu abe hɔ̃ ene, woƒua ɖu metia wo o, wòzɔa azɔli ɖeɖi metea wo ŋu o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan