Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Le Mesia ƒe ameɖeɖe ŋuti.

1 Nyɔnu adre alé ŋutsu ɖeka gbemagbe agblɔ bena: Míaɖu mía ŋutɔwo ƒe abolo, eye míata mía ŋutɔwo ƒe avɔ; na woayɔ wò ŋkɔ de mía ŋu ko; ɖe míaƒe ŋukpe ɖa le mía ŋu.

2 Gbemagbe la Yehowa ƒe atidzedze anye atsyɔ̃ kple bubu, eye anyigba ƒe kutsetse anye adegbeƒoƒo, ɖekadzenu na Israel ƒe ame susɔeawo.

3 Eye ava me be, woayɔ amesiwo kpɔtɔ ɖe Zion kple amesiwo tsi Yerusalem, amesiame, si ŋko woŋlɔ ɖe agbagbeawo dome le Yerusalem la be kɔkɔewo,

4 nenye be, Aƒetɔ la tsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe ya kple dzo ƒe ya klɔ Zion-nyɔnuwo ƒe ɖiƒoƒo, eye wòkpala Yerusalem ƒe ʋu ɖa le wo dome.

5 Eye Yehowa aɖo alilikpo kple dzudzɔ ɖe Zion-to ƒe nɔƒewo katã kple eƒe takpeƒewo le ŋkeke me kpakple dzo keklẽ le zã me; elabena wòa tsyɔ nu atsyɔɖoɖowo katã dzi,

6 eye agbadɔ anɔ anyi anye vɔvɔli dodo le ŋkeke me le dzoxɔxɔ ta, eye wòanye sitsoƒe kple bebeƒe le dziya kple tsidzadza ta.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan