Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 39 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Wotsɔ tohehe do ŋɔdzi na Xizkiya le eƒe yakanuwɔwɔ ŋuti.

1 Ɣemaɣi Babel-fia Merodax-Baladan, Baladan vi, ɖo agbalẽ kple nunanawo ɖe Xizkiya, esime wose be, elé dɔ wòvɔ nɛ.

2 Eye Xizkiya kpɔ dzidzɔ le nusiawo ŋuti, eye wòfiã eƒe kesinɔnu dzraɖoƒe, klosalo kple sika, atike ʋeʋẽe kple ami xɔasi kple eƒe aʋawɔnuxɔ blibo la kpakple nusiwo katã le eƒe kesinɔnu dzraɖoƒe la wo; naneke meli, si Xizkiya metsɔ fia wo le eƒe me kple fiaɖuƒe blibo la me o.

3 Tete nyagblɔɖila Yesaya va fia Xizkiya gbɔ gblɔ nɛ bena: Nya ka ŋutsu siawo gblɔ, eye afika wotso va gbɔwò? Xizkiya ɖo ŋu bena: Didiƒe wotso va gbɔnye, tso keke Babel ke.

4 Eye wògblɔ bena: Nuka wokpɔ le aƒewò me? Xizkiya ɖo ŋu bena: Wokpɔ nusiwo katã le aƒenye me, naneke mele nye kesinɔnu dzraɖoƒe la, si nyemetsɔ fia wo o.

5 Eye Yesaya gblɔ na Xizkiya bena: Se Yehowa Zebaot ƒe nya:

6 Kpɔ ɖa, ŋkekewo li gbɔna, esiwo me woatɔ nusiwo katã le aƒewò me kple nusiwo katã fofowòwo tu ɖo vaseɖe egbe la, ayi Babel, naneke makpɔtɔ o, Yehowa ye gblɔe!

7 Eye woakplɔ viwòŋutsu, siwo ado tso wò ali me, esiwo dzi ge nata la dometɔa ɖewo woaɖanye nudzikpɔlawo le Babel-fia ƒe me.

8 Xizkiya do ŋu na Yesaya be: Yehowa ƒe gbe, si nèƒo la, enyo. Eye wògagblɔ bena: Ne ŋutifafa kple nyateƒe le nye ŋkekewo me ko!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan