Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 38 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Xizkiya ƒe dɔ sesẽ léle, hayabaya kple akpedaha dzidzi.

1 Le ŋkeke mawo me la Xizkiya lé kudɔ. Eye nyagblɔɖila Yesaya, Amoz vi la, va egbɔ gblɔ nɛ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Ɖɔ wò aƒe ɖo, elabena èle kuku ge, eye mele agbe no ge o.

2 Tete Xizkiya trɔ mo ɖe gli ŋu hedo gbe ɖa na Yehowa

3 gblɔ bena: Oo Yehowa, ɖo ŋu, alesi metsɔ nyateƒe kple ɖzi blibo zɔ le ŋkuwò me, eye mewɔ nu nyui le ŋkuwò me. Eye Xizkiya fa avi kple ɣli.

4 Tete Yehowa ƒe gbe va Yesaya gbɔ bena:

5 Yi naɖagblɔ na Xizkiya be: Ale Yehowa, fofowò Dawid ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mese wò kokoƒoƒo, eye mekpɔ wò aɖatsiwo; kpɔ ɖa, matsɔ ƒe wuiatɔ̃ akpe ɖe wò ŋkekewo ŋu.

6 Maɖe mia kple du sia tso Asur-fia si me, eye makpɔ du sia ta.

7 Eye esia anye dzesi na wò tso Yehowa gbɔ be, Yehowa le nya, si wògblɔ la, dzi wo ge:

8 Kpɔ ɖa, mana vɔvɔli nagbugbɔ ɖe megbe ɖoƒe ewo tso Axab ƒe ɣega ƒe ɖoƒe, si wòle la dzi; tete ɣe gbugbɔ ɖe megbe tso ɖoƒe, si wòle la, ɖoƒe ewo.

9 Yuda-fia Xizkiya ƒe nuŋɔŋlɔ enye si, esime wòlé do, eye dɔ la vo nɛ:

10 Megblɔ be, mage ɖe tsieƒe ƒe agbowo me le nye ŋkekewo ƒe gbɔɖemeɣi; woda adzo nye ƒe susɔea le asinye!

11 Megblɔ be: Nyemagakpɔ Yehowa, Yehowa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o, eye nyemagakpɔ amegbetɔ le tsieƒenɔlawo dome o.

12 Wogbã nye nɔƒe, eye wòte ɖa le gbɔnye abe lãkplɔviwo ƒe agbadɔ ene. Meŋlɔ nye agbe, abe alesi avɔlɔ̃la wɔna ene; ètsom le avɔtsitsi ŋu, eye nèna wòvɔ nam le ŋkeke me, hafi zã va do.

13 Medo boboe vaseɖe ŋdi; ègbã nye ƒuwo katã abe dzata ene, eye nèna wòvɔ nam le ŋkeke me, hafi zã va do.

14 Mele fafàm abe sagbadre kple tsãlɛ ene, eye mele xɔxlɔ̃m abe ahɔne ene; nye ŋkuwò le dzi kpam nu te wo ŋu; Yehowa, meɖo xaxa me, xɔ nya ɖe nunye!

15 Nya ka magblɔ, esi nèdo ŋugbe nam, eye nèwɔ edzi? Mazɔ kpookpookpoo le nye ƒewo katã me, le nye luʋɔ ƒe nuxaxa megbe.

16 Aƒetɔ, esia nu ame nɔa agbe ɖo, eye esia nu nye gbɔgbɔ le agbe ɖo blibo; eyata da gbe le ŋunye, eye na manɔ agbe!

17 Kpɔ ɖa, veve zu xɔname nam, ètsɔ lɔlɔ̃ he nye luʋɔ tso gbegblẽ ƒe do me, elabena ètsɔ nye nuvɔ̃wo katã ƒu gbe ɖe megbewò.

18 Elabena tsieƒe mada akpe na wò o, ku saɖagatsi makafu wò o, eye amesiwo yi aʋli me la, makpɔ mɔ na wò nyateƒe o.

19 Agbagbea, agbagbea koe akafu wò, abe alesi mele wɔwɔm egbe sia ene; fofo ɖea wò nyateƒe fiãa viwo.

20 Yehowa le xoxo ge nam, eyata mina miaƒe saŋkuwo naɖi le Yehowa ƒe me le míaƒe agbe me ŋkekewo katã me.

21 Eye Yesaya be, woatso gbotitsetsebolo ava ɖo ƒoƒoeawo dzi, ne wòahaya.

22 Eye Xizkiya gblɔ be: Nuka nye dzesi be, mayi Yehowa ƒe me?

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan