Yesaya 37 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Woɖu Sanxerib dzi le Xizkiya ƒe gbedodoɖa ta le zã ɖeka me. 1 Eye wòva me, esi fia Xizkiya see la, edze eƒe awuwo, eye wòta akpanya heyi Yehowa ƒe me. 2 Eye wòɖo aƒenunɔla Elyakim kple agbalẽŋlɔla Sebna kpakple nunɔlawo ƒe ame tsitsiwo, amesiwo ta akpanya la, ɖe nyagblɔɖila Yesaya, Amoz vi la gbɔ 3 wogblɔ nɛ bena Ale Xizkiya gblɔ esi Egbe enye xaxa-, tohehe- kple vlodogbe. Elabena viwo ɖo dzidzɔ me, ke ŋusẽ meli woadzi wo o. 4 Ɖewohĩ Yehowa, wò Mawu la, se Rabsake ƒe nya, siwo eƒe aƒetɔ Asur-fia de esi ɖo ɖa, be wòatsɔ aɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋui, eye Yehowa, wò Mawu la, ahe to nɛ le nya, si wose la ta; eyata do gbe ɖa ɖe ame mamlea, siwo li la ta. 5 Tete fia Xizkiya ƒe dɔlawo va Yesaya gbɔ. 6 Eye Yesaya gblɔ na wo bena: Ale miaɖagblɔ na miaƒe aƒetɔ enye si: Yehowa ƒe gbe enye si: Migavɔ̃ nya, siwo Asur-fia ƒe ɖekakpuiwo tsɔ ɖe alɔme le ŋunye nèse la o. 7 Kpɔ ɖa, maɖe gbɔgbɔa ɖe eme, eye mana wòase nyaa ɖe ahagbugbɔ ayi eƒe anyigba dzi, eye mana wòatsi yi nu le eƒe anyigba dzi. 8 Esi Rabsake gbugbɔ la, ekpɔ Asur-fia wòle aʋa wɔm kple Libna, elabena ese be, eho tso Laxis. 9 Eye esi wose le Kus-fia Tirhaka ŋu be, eho, be yeawɔ aʋa kplii la, egadɔ ame ɖo ɖe Xizkiya, ne woagblɔ nɛ bena: 10 Ale miagblɔ na Yuda-fia Xizkiya enye si: Megana wò Mawu, si ŋu nèle dzi ɖom ɖo la, nanɔ fluwòm, eye nanɔ gbɔgblɔm be, womatsɔ Yerusalem aɖe asi na Asur-fia o. 11 Kpɔ ɖa, wò ŋutɔ èse nusi Asur-fiawo wɔ anyigbawo katã, eye wotsrɔ̃ wo gbidigbidi, eye woaɖe wò ya? 12 De dukɔ, siwo fofonyewo tsrɔ̃: Gozan, Xaran, Rezef kple Eden-viwo, siwo le Telasar la ƒe mawuwo ɖe woa? 13 Afika Xamat-fia, Arpad-fia kple du Sefarwayim, Hena kple Iwa ƒe fia le? 14 Esi Xizkiya xɔ agbalẽa le dɔlawo si, eye woxlẽe la, eyi Yehowa ƒe me, eye Xizkiya kekee ɖe Yehowa ŋku me. 15 Eye Xizkiya do gbe ɖa na Yehowa gblɔ bena: 16 Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu, wò amesi nɔa Kerubiwo dzi, wò ɖeka koe nye Mawu ɖe anyigba dzi fiaɖuƒewo katã dzi, wòe wɔ dziƒo kple anyigba. 17 Yehowa, ƒu to anyi, ne nase nu, Yehowa, ke ŋku, ne nakpɔ nu, eye nase nya, siwo katã Sanxerib ɖo ɖa, be yeatsɔ aɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋui! 18 Yehowa, Asur-fiawo tsrɔ̃ dukɔwo kple woƒe anyigbawo vava, 19 eye wotsɔ woƒe mawuwo ɖe dzo me, elabena menye mawuwo wonye o, ke boŋ amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwoe, ati kple kpe wonye, eyata wotsrɔ̃ wo ɖo. 20 Azɔ Yehowa, mía Mawu, ɖe mí tso esi me, ne anyigba dzi fiaɖuƒewo katã nadze sii be, wò ɖeɖe koe nye Yehowa. 21 Tete Yesaya, Amoz vi la, ɖo ame ɖe Xizkiya gblɔ bena: Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Gbe, si nedo ɖa nam le Asur-fia Sanxerib ŋuti la, mesee. 22 Ale Yehowa gblɔ ɖe eŋu enye si: Ɖetugbi, Zion-nyɔnuvi, ɖe alɔme le ŋuwò, eye wòko wò, Yerusalem-nyɔnuvi ʋuʋu ta de yowòme. 23 Ameka nedo vloe, eye ameka ŋu nèɖe alɔme le? Ameka ta nèdo ɣli ɖo, eye ameka ŋu nèwu wó ŋkuwò dzi ɖo? De Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu loo! 24 Eɖe alɔme le Aƒetɔ la ŋu to wò dɔlawo dzi gblɔ bena. Metsɔ nye tasiaɖam geɖeawo va towo ta me, vaseɖe Libanon ƒe tsutsuẽƒe ke, eye melã eƒe sederti kɔkɔwo kple eƒe sesewu nyuitɔwo, eye mede eƒe kɔkɔƒe kekeake kple eƒe abɔ me ti dodowo gbɔ. 25 Meɖe vudo heno tsia, eye metsɔ nye afɔƒome na Egipte-tɔsisiwo katã mie. 26 Mèsee kpɔ be, tso tititi ke mewɔe, eye meɖoe tso gbaɖegbe ke oa? Azɔ mena wòva me be, nagblẽ du sesẽwo woazu anyiglãgo; 27 wo me nɔlawo ƒe lãme natu, dzi naɖe le wo ƒo, eye ŋu nakpe wo woanɔ abe agble me ma, gbe mumu, xɔtagbe kple bli, si tsi to nu ta ene. 28 Menya wò anyinɔnɔ, wò yiyi kple wò gbɔgbɔ kple wò agbodzedze ɖe ŋunye. 29 Esi nèdze agbo ɖe ŋunye, eye wò dàda va nye to me ŋuti la, eyata matsɔ nye ga aɖe ŋɔti na wò, eye made nye numega nu na wò ahakplɔ wò agbugbɔ ato mɔ, si dzi neto va la. 30 Esia anye dzesi na wò: Le ƒe sia me la miaɖu nusiwo mie dzro le wo ɖokui si, le ƒe evelia me la miaɖu flumenu, eye le ƒe etɔ̃lia me la mia ƒã nu aŋe nu, eye miade weingblewo aɖu wo me kutsetsewo. 31 Yuda ƒe aƒe la ƒe ame mamlea, siwo woɖe la, aɖe ke aɖo ta to me, eye woatse ku ɖe dzi me. 32 Elabena ame susɔeawo ado tso Yerusalem, eye amesiwo woɖe la, atso Zion-to la dzi; Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã la le esia wɔ ge. 33 Eyata ale Yehowa gblɔ ɖe Asur-fia ŋu enye si: Mava du sia me o, eye mada aŋutrɔ ɖe eme o, matsɔ akpoxɔnu ate ɖe eŋu o, eye maƒu kpo ɖe eŋu o. 34 Agbugbɔ ato mɔ, si dzi wòto va, eye mava ɖu sia me o; Yehowa ye gblɔe! 35 Makpɔ du sia ta, eye maɖee le nye ŋutɔ kple nye dɔla Dawid ta. 36 Tete Yehowa ƒe dɔla do ɖawu ame akpe alafa ɖeka kple blanyi vɔ atɔ̃ le Asurtɔwo ƒe asaɖa me. Eye esi wòtɔ le ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, wo katã wòzu ame kukuwo sɔŋ. 37 Tete Asur-fia Sanxerib ho gbugbɔ dzo yi aƒe, eye wòɖanɔ Ninive. 38 Eye wova me, esime wòle gbe dom ɖa le eƒe mawu Nisrox ƒe me la, via Adramelex kple Sarezer wowui kple yi hesi yi Ararat-nyigba dzi; eye via Esar-Xadon zu fia ɖe eteƒe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana