Yesaya 36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Sanxerib ɖe to ɖe Yerusalem ŋuti. 1 Eye wòva me le fia Xizkiya ƒe ƒe wuienelia me be, Asur-fia Sanxerib ho ɖe Yuda-du sesẽwo katã ŋu, eye wòxɔ wo. 2 Eye Asur-fia ɖo Rabsake kple aʋakɔ gãa ɖe tso Laxis ɖe fia Xizkiya le Yerusalem, eye wòdze aʋa ɖe dzigbeta ƒe tɔʋu to le avɔnyãla ƒe agblemɔ to. 3 Tete aƒenunɔla Elyakim, Xilkiya vi, kple agbalẽŋlɔla Sebna kpakple Yoax, Asaf vi, fia ƒe tsiami, wodo yi egbɔ. 4 Eye Rabsake gblɔ na wo bena: Miɖagblɔ na Xizkiya be: Ale fia gã Asur-fia gblɔ esi: Nuka ŋu gɔglɔ̃gɔe nele dzi ɖom ɖo? 5 Ɖe nèle bubum be, nu me nya ƒuƒlu enye aɖaŋuɖoɖo kple ŋusẽ hena aʋawɔwɔa? Ameka ŋu gɔ̃e nèle ŋu ɖom ɖo, be nèdze aglã ɖe ŋunye? 6 Azã èle dzi ɖom ɖe aƒla ŋeŋe sia, si nye Egipte la ŋu, esi ne amea ɖe ziɔ ɖe eŋu la, wòŋɔa asi nɛ flo la; alea Egipte-fia Farao le na amesiwo katã le dzi ɖom ɖe eŋu la! 7 Ke ne agblɔ nam be: Yehowa, mía Mawu la ŋue míele dzi ɖom ɖo la, ɖe menye eya ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo Xizkiya ɖe ɖa hegblɔ na Yuda kple Yerusalem bena: Mido gbe ɖa le vɔsamlekpui sia ŋgɔ oa? 8 Azɔ mia kple nye aƒetɔ Asur-fia mitso gbe, eye matsɔ so akpe eve na wò, be ate ŋu akpɔ sɔɖolawo ado wo dzi hã? 9 Màte ŋu asi aʋafia ɖeka, si nye nye aƒetɔ ƒe dɔlawo dometɔ suetɔ hã o, hafi nèle dzi dom ɖe Egipte ŋu le tasiaɖamwo kple sɔɖolawo taa? 10 Azɔ ɖe Yehowa megbee meto ho ɖe anyigba sia ŋu, be magblẽe loo? Yehowa ye gblɔ nam be: Ho ɖe anyigba sia ŋu nagblẽe! 11 Tete Elyakim, Sebna kple Yoax wogblɔ na Rabsake bena: Ƒo nu kple wò dɔlawo ɖe Aram-gbe me, elabena míesenɛ; ke megaƒo nu kpli mí le Yuda-gbe me ɖe dukɔ, si le glia dzi la ƒe to me o. 12 Rabsake ɖo ŋu bena: Mia kple wò aƒetɔ gbɔe nye aƒetɔ dɔm ɖo, be magblɔ nya siawoa? Ɖe menye ŋutsu, siwo bɔbɔ no glia dzi, be woaɖu woawo ŋutɔwo ƒe mi, eye woano woƒe aɖuɖɔ kpli mi la gbɔe oa? 13 Tete Rabsake te va ɖo ɣli sesĩe le Yuda-gbe me gblɔ bena: Mise fia gã, Asur-fia ƒe nya! 14 Ale fia la gblɔ esi: Migana Xizkiya nanɔ mia flum o, elabena mate ŋu aɖe mi o! 15 Migana Xizkiya natsɔ Yehowa anɔ dzi ɖem ƒo na mi ahanɔ gbɔgblɔm be: Yehowa aɖe mí vavã, eye womatsɔ du sia ade asi na Asur-fia o. 16 Miganɔ to ɖom Xizkiya o; elabena ale Asur-fia gblɔ esi: Mibla nu kplim, eye miɖo va gbɔnye, eye mia dome amesiame naɖu eƒe weintsetse, amesiame naɖu eƒe gbotitsetse, eye amesiame nano eƒe vudo me tsi, 17 vaseɖe esime mava akplɔ mi ayi anyigba, si le abe mia to ene la dzi, anyigba, si dzi bli kple wein le, anyigba, si dzi abolo kple atibɔwo te. 18 Migana Xizkiya nano mia blem anɔ gbɔgblɔm be: Yehowa aɖe mi o! De dukɔwo ƒe mawuwo dometɔa ɖe te ŋu ɖe eƒe anyigba tso Asur-fia si mea? 19 Afika Xamat kple Arpad ƒe mawuwo le? Afika Sefarwayim ƒe mawuwo le? Ɖe wote ŋu ɖe Samaria tso asinye mea? 20 Anyigba siawo ƒe mawuwo katã dometɔ kae ɖe eƒe anyigba tso asinye me, ne Yehowa naɖe Yerusalem atso asinye me? 21 Ke wozi kpi, womeɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ o. 22 Tete aƒenunɔla Elyakim, Xilkiya vi, kple agbalẽŋlɔla Sebna kpakple Yoax, Asaf vi, fia ƒe tsiami, wole awu vuvuwo me va Xizkiya gbɔ, eye wogblɔ Rabsake ƒe nyaawo nɛ. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana