Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu ƒe dukɔ la ƒe ŋutikɔkɔe le fukpekpewo megbe.

1 Gbegbe kple gbedadaƒo akpɔ dzidzɔ, tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene.

2 Woaƒo se ake, eye woatso dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso ase vivii. Woatso Libanon ƒe ŋutikɔkɔe, Karmel kple Saron ƒe atsyɔ̃ nɛ. Woakpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe kple mia Mawu ƒe atsyɔ̃.

3 Mido ŋusẽ alɔ gblɔdɔwo, eye mide agbe klo beliwo me.

4 Migblɔ na amesiwo ƒo dzi ɖe le la be. Milé dzi ɖe ƒo, migavɔ̃ o! Kpɔ ɖa, mia Mawu enye si! Hlɔ̃biabia gbɔna, Mawu ƒe teƒeɖoɖo; eya ŋutɔ gbɔna, ne woaxɔ na mi.

5 Ekema ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu, eye tokunɔwo ƒe to aʋu;

6 ekema xɔdrɔ̃wo ali kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye; elabena tɔ ŋɔ tso gbegbe, eye tɔʋu tso tagba.

7 Bleziblezi azu tà, eye kuɖiɖinyigba azu tsidzɔƒe; amegãxiwo nɔƒe, afisi wotsyɔa akɔ ɖo la, azu aƒla kple avawo teƒe.

8 Ametoƒe kple mɔ tata anɔ afima, si woayɔ be „mo tata kɔkɔe.“ Ame makɔmakɔa ɖeke mato edzi o; woawo ɖeɖeko tɔ wòanye. Amesi ke to edzi la, matra mo o, keke gegemewo ke hã.

9 Dzataa ɖeke manɔ afima o, lã wɔadãa ɖeke manɔ edzi loo, alo woakpɔe le afima o, eye ale amesiwo woɖe la, woato edzi,

10 Yehowa ƒe amesiwo wòxɔ ƒle la, atrɔ agbɔ, eye woava Zion kple aseyetsotso, eye dzidzɔ mavɔ anɔ woƒe ta me; vivisese kple dzidzɔ asu wo si, eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan