Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu ƒe tohehe ʋɔnudɔdrɔ̃ eƒe dukɔ la ƒe futɔwo katã, vevitɔ Edom.

1 Mite va, mi dukɔwo, ne miase nu, mi anyigba dzi dukɔwo, miƒu to anyi! Anyigba kple edzi nuwo, xexeame kple edzi numienuewo katã nesee!

2 Elabena Yehowa do dɔmedzoe ɖe dukɔwo katã ŋu kple dziku ɖe woƒe aʋakawo katã ŋu; edo busu wo, eye wòtsɔ wo de asi, be woawu;

3 wotsɔ woƒe ame tsiaʋawo xlã ɖe anyi, woƒe ame kukuwo ƒe ʋeʋẽ de dzi, eye woƒe ʋu na towo lolo gbanaa.

4 Dziƒo ŋu nuwo katã nu ayi, woaŋlɔ dziƒowo, abe alesi woŋlɔa agbalẽe ene, eye eŋu nuwo katã alé akpɔ̃, abe alesi aŋgba yrɔna le weinka ŋu kple alesi gboti ƒe aŋgba yrɔnae ene.

5 Elabena nye yi mũ aha le dziƒo, eye woge dze Edom, dukɔ, si medo busui la dzi hena ʋɔnudɔdrɔ̃.

6 Ʋu ƒo Yehowa ƒe yi, ami ɖoe, alẽviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋue, agbowo ƒe ayikuwo ŋu mie; elabena Yehowa le vɔsa ŋkekenyuie ɖum le Bozra kple lãwu ŋkekenyuie gã le Edom-nyigba dzi.

7 Woawo kple tòwo siaa woamũ adze anyi hekpe ɖe nyitsuwo kple nyiwo ŋu, woƒe anyigba ano woƒe ʋu, eye ami adzaba woƒe ke.

8 Elabena hlɔ̃biagbe, teƒeɖoɖo ƒe ƒe wònye tso Yehowa gbɔ, ne woawo avu na Zion.

9 Eƒe toʋuwo atrɔ zu aŋe, eƒe kewɔ azu aŋɔ, eye eƒe anyigba azu age bidzo,

10 Matsi o zã kple keli, eye eƒe dzudzɔ ade dzi tegbee, atsi anyi gbegbee tso dzidzime yi dzidzime, eye amea ɖeke mato edzi akpɔ o tegbee.

11 Aluge kple hlɔ̃made anɔ edzi, eye adzexe kple akpaviã atso aƒe ɖe edzi; ada dzidzeka ɖe edzi, be woazu gbegbe kple nudakpe ɖe edzi, be wòazu aƒedo.

12 Eƒe bubumewo maganɔ afima atso fiaɖuƒe la anɔ boblo dome o, eye eƒe amegãwo katã nu atso.

13 Aŋɔka amie ɖe eƒe fiasãwo me kple dzawo kpakple ŋuwo ɖe eƒe mɔ̃ sesẽwo me, eye wòazu aƒe na amegãxiwo kple kpɔtɔtɔ na goloviwo.

14 Gbedzilãwo kple amegãxiwo ado go le afima, azizãwo ayɔ wo nɔewo le afima, eye gbetsiwo adzudzɔ le afima, agbɔ ɖe eme bɔkɔɔ.

15 Dakpui awɔ atɔ ɖe afima, aɖa azi ahaƒo wo, eye wòaƒo viawo nu ƒu ɖe eƒe vɔvɔli te; akagãwo sɔŋ aƒo ta kpli ɖe afima.

16 Midzro Yehowa ƒe agbalẽ me, eye miaxlẽe: Wo dɔmetɔa ɖeke makpɔtɔ o, eye womabu ɖe wo nɔewo o. Elabena nye nue de se, eye nye gbɔgbɔe ƒo wo nu ƒu.

17 Eyae dzidze nu na wo, eye eƒe asie tso dzidzeka mãe na wo, anye wo to tegbee, eye woanɔ edzi tso dzidzime yi dzidzime.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan