Yesaya 33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Wodo futɔwo fe toyiyi ŋugbe na Mawu ƒe dukɔ, si le konyi fam la, wodo ŋɔdzi na nuvɔ̃wɔlawo; ke xɔsetɔwo ya la, wodo dzidzɔ na wo. 1 Baba na wò nugblẽla, si womegblẽna o, wò adzoblasu, si womedaa adzoe o! Ne èwu nugbegblẽ nu la, woagblẽ wò hã, eye ne eda adzo vɔ la, woada adzo wò hã! 2 Yehowa, ve mía nu, asiwònu kpɔm míele! Nye míaƒe alɔ ŋdi sia ŋdi kple míaƒe xɔname le hiãɣi! 3 Dukɔwo si le gbeɖeɖe nu, eye anyigba dzi dukɔwo ka hlẽ le wò tsitretsitsi nu. 4 Eye woaƒo miaƒe nuhahawo nu ƒu, abe alesi woƒoa ʋetsuviwo nu ƒu ene, eye woaƒu du ɖe wo ŋu, abe alesi abɔ fia kpoe ene. 5 Yehowa ɖo kpo, elabena ele dzi me, eye wotsɔ: nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye yɔ Zion taŋ; 6 eye dziɖeɖi, xɔname geɖe, nunya kple sidzedze anɔ wò ŋkekewo me; Yehowa-vɔvɔ̃ anye wò kesinɔnu. 7 Kpɔ ɖa, kalẽtɔwo le avi fam le xexe, eye du nyui xɔlawo le avi fam hehehe. 8 Ametoƒe zu gbegbe, amea ɖeke megale mɔ dzi tom o. Etu nubabla la, eɖi gbɔ duwo, eye amegbetɔ menye naneke le eŋku me o. 9 Anyigba le nu xam wòte eŋu, ŋu kpe Libanon, eƒe lãme gbã, Saron zu abe gbegbe ene, eye Basan kple Karmel lu xe. 10 Yehowa be: Azɔ matso, azɔ matsi tre, azɔ matso ɖe afa dzi. 11 Miefɔ gbe ƒuƒu ƒe fu, eye ahɔ̃liti takpoe miadzi; miaƒe gbɔgbɔ enye dzo, si afia mi. 12 Woamè dukɔwo abe akalo ene, eye woatɔ dzo wo abe aŋɔka ene. 13 Mi didiƒewo, mise nusi mewɔ, mi kpuiƒewo, midze si nye kalẽwɔwɔ! 14 Dzidzi ƒo nuvɔ̃wɔlawo le Zion, ame vɔ̃ɖiwo ƒe lãme ble fu: Mía dometɔ ka anɔ dzo binu gbɔ, eye mia dometɔ ka anɔ dzoxɔxɔ mava gbɔ? 15 Amesi ƒe zɔzɔme to mɔ ɖeka, eye eƒe nuƒoƒo le eme, amesi tsri ŋutasesẽ tsɔtsɔ kpɔ viɖee, amesi ʋuʋu eƒe asi, be magaxɔ zãnunana o, amesi xe eƒe towo, be magase hlɔ̃dodo o, amesi mia eƒe ŋkuwò, be womagakpɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ o la, 16 eyae anɔ kɔkɔƒewo, mɔ̃ sesẽ, siwo le agakpewo dzi la, anye eƒe bebeƒe, woana aboloe, eye eƒe tsi mamie o. 17 Wò ŋkuwò akpa fia la le eƒe atsyɔ̃ me, akpɔ anyigba keke la, 18 eye wò dzi abu ŋɔdziɣi la ŋu bena: Afika agbalẽŋlɔla le, afika nudala le, eye afika amesi xlẽ xɔ tsralawo la le? 19 Magakpɔ dukɔ nyanyrã azɔ o, dukɔ, si ƒe gbegbɔgblɔ sesẽ, eye womate ŋu ase eme o, woƒe aɖe kɔkɔna, eye gɔmesesea ɖeke mele eŋu o. 20 Kpɔ Zion, du, si nye miaƒe takpeƒe la ɖa! Wò ŋkuwò akpɔ Yerusalem, nɔƒe dedie la, agbadɔ, si womakaka o, eƒe tsyotiwo maho o, eye eƒe kawo katã matso akpɔ o. 21 Ke boŋ Yehowa enye ŋusẽ na mí le afima, abe tɔsisi gã keke le goawo kple eve me ene, esi dzi atablukulawo mato o, eye ʋu gãwo mazɔ o. 22 Elabena Yehowa enye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la, Yehowa enye míaƒe aʋafia, Yehowa enye míaƒe fia, eya aɖe mí. 23 Wò atagbiwo me do agblɔ, womedzi abalati la goŋgoŋ o, eye womehe abala me o. Emegbe woamã aboyonu kple nuhaha; xɔdrɔ̃wo ke hã aha nu. 24 Duametɔa ɖeke nagblɔ be, yele dɔ lém o; wotsɔ vodada ke amesiwo le eme. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana