Yesaya 31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Ʋɔnudɔdrɔ̃ Asur. 1 Baba na amesiwo yi Egipte, be woaxɔ na yewo, woɖo dzi ɖe sɔwo ŋu, eye woɖo ŋu ɖe tasiaɖam sɔgbɔwo kple sɔdola geɖewo ŋu; ke womelé ŋku ɖe Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu o, eye wo mebia Yehowa ta se o! 2 Ke nunyala eya hã nye, eye wòahe dzɔgbevɔ̃e ve, magbe eƒe nya o, ke boŋ atso ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aƒe kple nu tovo wɔlawo ƒe xɔname ŋu. 3 Ke Egiptetɔwo la, amegbetɔwo wonye, menye Mawu o; woƒe sɔwo la, ŋutilã wonye, menye gbɔgbɔ o; eye ne Yehowa do eƒe asi ɖa la, ke aɖe le xɔnametɔ la te, eye amesi wòle xɔxɔm na la, adze anyi, eye woa kple eve la siaa nu ayi. 4 Elabena ale Yehowa gblɔ nam enye si: Alesi dzata kple dzatavi nɔa gbe tem ɖe nuléle ŋu, eye ne woyɔ lãkplɔviwo ɖe eŋu kpaŋkpaŋ hã, woƒe ɣli meɖea dzi le eƒo o, eye meɖoa to woƒe howɔwɔ o la, nenema Yehowa Zebaot aɖi ɖe anyi, ne woawo aʋa le Zion-to la kple eƒe togbɛ la dzi. 5 Alesi xevi ɖoa agbae la, nenema Yehowa adzɔ Yerusalem ŋu, adzo eŋu, eye wòaxɔ nɛ, akpa eta, eye wòaɖee. 6 Mi Israel-viwo, migatrɔ ɖe amesi yome mietrɔ le la ŋu! 7 Elabena le ɣemaɣi la wo dome amesiame anyɔ ŋu eƒe klosalolegba kple sikalegba, siwo eƒe asiwò wo na eɖokui hena nuvɔ̃wɔwɔ la. 8 Asur atsi yi nu, ke menye ŋutsu ƒe yi nu o, eye yi aɖui, ke menye amegbetɔ ƒe yi o; asi le yi nu, eye eƒe ɖekakpuiwo azu yakadɔwɔlawo; 9 eƒe agakpe ate ɖa le vɔvɔ̃ ta, eye aflaga ana dzidzi naƒo eƒe amegãwo; Yehowa, amesi ƒe dzo le Zion, eye eƒe mlekpui le Yerusalem lae gblɔe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana