Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Vɔ̃ na amesiwo le sisim yi Egipte.

1 Yehowa be, baba na vi sẽtowo, amesiwo de adaŋu nye manɔmee, eye wobla nu nye gbɔgbɔ manɔmee, ne woali kɔ nuvɔ̃ de nuvɔ̃ dzi!

2 Amesiwo mebia nye nu me gbe se, hafi yi Egipte, be wòasi Farao ƒe ŋusẽ atso, eye woabe ɖe Egipte ƒe vɔvɔli te o.

3 Farao ƒe ŋusẽ azu ŋukpe na wo, eye bebe ɖe Egipte ƒe vɔvɔli te azu dzu na wo.

4 Elabena ne eƒe amegãwo va Zoan, eye eƒe ame dɔdɔwo ɖe keke Xanes ke hã,

5 wo katã woaflu wo ɖokui ɖe dukɔ, si mele ɖeke me o, mate ŋu axɔ na wo o, eye menye viɖea ɖeke na wo o, ke boŋ ŋukpe kple vlododo ko la ŋuti.

6 Nya ɖe dziehe-nyigba ƒe lãwo ŋu. Le hiã kple xaxa ƒe anyigba dzi, afisi dzatanɔ kple dzatatsu dona tsona, afisi ƒli kple da toaʋala le la, afima wotsɔa woƒe nuwo ɖoa tedziwo ƒe mẽdome kple woƒe kesinɔnuwo ɖoa kposɔwo ƒe kpo dzi tsonɛ yia dukɔ, si mele viɖea ɖeke me o la gbɔ.

7 Egipte ƒe xɔname mele nemi me hã o, eyata meyɔe be, enye numeɖila, si ŋu nanekewɔwɔ mele o.

8 Eyata yi naŋlɔe ɖe nuŋlɔkpe dzi le wo gbɔ, eye naŋlɔe ɖe agbalẽ me, ne wòanɔ anyi anye ɖase tegbee le ŋkeke, siwo gbɔna la me.

9 Elabena dukɔ sẽto, vi dalakpa, vi, siwo gbe Yehowa ƒe nufiamewo sese la, wonye;

10 amesiwo gblɔ na nukpɔlawo be: Migakpɔ nu o, eye wogblɔ na nyagblɔɖilawo be: Migagblɔ nya, si le eteƒe la, ɖi na mí o, ke boŋ migblɔ nya ŋɔnɔewo na mi, eye migblɔ alakpanyawo ɖi!

11 Mite ɖa le mɔ la dzi midze le toƒe la, eye mina Israel ƒe kɔkɔetɔ la nabu le mía ŋku me!

12 Eyata ale Israel ƒe kɔkɔetɔ la gblɔ esi: Esi miedo vlo nya sia, eye mieɖo ŋu ɖe ŋutasesẽ kple ayedzedze ŋu heziɔ ɖe eŋu la,

13 miaƒe vodada sia azu abe gli dzeabi, si le mumũm hetre azã le gli kɔkɔa ɖe ŋu la ene, esi ƒe mũɣi aɖo zi ɖeka kpoyi.

14 Eye woagbã wo, abe alesi zemela ƒe ze gbãna gudugudu, ale be sonu gaglɛa ɖeke menɔa gbagbã la me, si woatsɔ aɖe dzo le adokpo me, alo woatsɔ aɖu tsii le vudo me o la ene.

15 Elabena ale Aƒetɔ Yehowa, Israel ƒe kɔkɔetɔ la, gblɔ esi: Tametɔtrɔ kple anyinɔnɔ kpoo woatsɔ axɔ na mi, eye miaƒe ŋusẽ le ɖoɖoezizi kple ŋuɖoɖo ɖe eŋu me, ke mielɔ̃ o

16 hegblɔ bena: Kpao, ke boŋ míanɔ sɔwo dzi asi, eye míado sɔ ɖiduwo. Eyata miasi, eye mia yometilawo ado sɔ ɖiduwo.

17 Mia dometɔ akpe ɖeka asi le ame ɖeka kolia ƒe bublu nu, eye mi katã miasi le ame atɔ ƒe bublu nu, vaseɖe esime miasusɔ abe aflagati le to ta me kple aflaga le togbɛ dzi ene.


Woayra amesiwo ɖo ŋu ɖe Mawu ƒe ŋusẽ ŋu.

18 Eyata Yehowa le lalam, be yeave mia nu, eyata wotso, be yeakpɔ nublanui na mi; elabena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe Mawu enye Yehowa. Woayra amesiwo katã kpɔa esinu!

19 Zion-dukɔ, si le Yerusalem, meganɔ avifafa dzi o, elabena ave nuwò vavã le wò aƒadodo ta; ne enya see ko la, atɔ na wò.

20 Aƒetɔ la ana abolo mi le hiã me kple tsi mi le xaxa me, eye miaƒe nufialawo magabe azɔ o, ke boŋ míakpɔ miaƒe nufialawo kple ŋku,

21 eye miaƒe to ase nya sia le mia megbe bena: Mɔ la enye si, mito edzi! nenye ɖusi me alo mia me miebe, yewoato.

22 Miado gu klosalo, siwo wofa ɖe miaƒe aklama kpakpawo ŋu, kple sika, si le miaƒe legbawo ŋu; miaɖe wo ɖa abe ŋunyɔnu ene ahagblɔ ɖe wo ŋu bena Mido!

23 Ana tsi nadza ɖe nuku, siwo nèƒã ɖe agble me la dzi, nuɖuɖu, tsi tso wò agble me nukuwo me la, avivi, eye woada ami; le ɣemaɣi la wò lãwo aɖu gbe le lãnyiƒe kekewo;

24 eye nyitsuwo kple tedzi, siwo ŋlɔa agble la, aɖu bli tsakatsaka, si me dze le, eye wotsɔ sofi kple gaflo gã dzoboe.

25 Eye wòava me le amewugbe gã, si xɔ tsralawo amũ la be, toʋuwo anɔ tsi tsam le to kɔkɔwo katã kple togbɛ kɔkɔwo katã ta me.

26 Gbesigbe Yehowa bia eƒe dukɔ ƒe kakaƒe, eye wòda gbe ƒe eƒe abi, si wòxɔ ŋu la, ɣleti ƒe keklẽ anɔ abe ɣe tɔ ene, eye ɣe ƒe keklẽ adzi ɖe dzi zi gbɔ zi adre abe keklẽ le ŋkeke adre me ene.

27 Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋkɔ tso adzɔge gbɔna, eƒe dɔmedzoe le bibim, eye wòde dzi kɔtɔɔ; eƒe nuyiwo dzi yɔ fũ kple dziku, eƒe aɖe le abe dzo binu ene;

28 eye eƒe gbɔgbɔ le abe tɔɖɔɖɔ, si me woase ve le ene, ne wòanyè dukɔwo, vaseɖe esime woatsrɔ̃ avɔ, eye woade numega dukɔwo ƒe nu me, si akplɔ wo atrae.

29 Miadzi ha abe le ŋkekenyuieɖuɣi ƒe zã me ene, eye miaƒe dzi akpa dzidzɔ abe amesiwo le dze kum le mɔ zɔm heyina ɖe Yehowa ƒe to la, ɖe Israel ƒe agakpe la gbɔ ene.

30 Eye Yehowa ana woase eƒe gãnyenye ƒe gbe, eye woakpɔ eƒe alɔ ƒe ɖiɖiɖeanyi le ɖɔmedzoe ƒe bublu, dzo binu ƒe aɖe, ahom, tsidzadza gãwo kple dzikpewo me.

31 Elabena Yehowa ƒe gbe aɖe dzi le Asur ƒo, nenye be, etsɔ ati ƒoe.

32 Zi geɖe alesi eƒe toheti, si wòɖo ɖe eŋu la, dze edzii la, zi geɖe ma ke asiʋuiwo kple kasaŋkuwo anɔ ɖiɖimi, eye woawo aʋa kplii anɔ alɔnyènye dzi ɖaa.

33 Elabena wodzra dzotɔƒe ɖo ɖi xoxo, fiawo hãe wodzrae ɖo ɖi na, eye wògoglo hekeke; dzo kple nake li kpaŋkpaŋ hekpe ɖe eƒe nakekɔwo ŋu; Yehowa ƒe gbagba enye aŋɔtoʋu, si ato dzoe.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan