Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Ʋɔnudɔdrɔ̃ ava dukɔ la dzi le eƒe nuvɔ̃, vevitɔ nyɔnuwo ƒe yakanuwɔwɔ ta.

1 Elabena kpɔ ɖa, Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, aɖe atizɔti kple ziɔɖeŋu ɖa le Yerusalem kple Yuda, abolo ƒe xɔnamewo katã kple tsi ƒe xɔnamewo katã,

2 kalẽtɔwo kple aʋawɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple nyagblɔɖilawo, afakalawo kple ame tsitsiwo,

3 ame blaatɔ̃wo ƒe amegãwo, ame ŋkutawo, adaŋudelavvo, aɖaŋuawo ƒe amegãwo kple dzotɔwo.

4 Matso ɖeviwo aɖo woƒe amegãwoe, eye ɖevinuwɔlawo aɖu fia ɖe wo dzi;

5 amewo asẽ ŋuta le wo nɔewo ŋu, eye amesiame le ehavi ŋu, ɖeviwo adze agbo ɖe amegã ɖeɖiwo ŋu, eye yakamewo ɖe bubumewo ŋu.

6 Ne amea ɖe alé nɔvia le fofoa ƒe me bena: „Avɔ le asiwò, eyata nanye míaƒe amegã, eye aƒe gbagbã sia nanɔ asiwò me“ la,

7 axɔ edzi agblɔ gbemagbe bena: „Nyemele abiwɔlaa ɖeke nye ge o, elabena abolo kple avɔa ɖeke mele aƒenye me o; migatsɔm ɖo dukɔ ƒe amegãe o!“

8 Elabena Yerusalem amũ, eye Yuda adze anyi, le esi woƒe aɖewo kple woƒe nuwɔwɔwo tso ɖe Yehowa ŋu, ne woaɖo dziku na eƒe kɔkɔenyenye ƒe ŋkuwo ta.

9 Woƒe moɖoɖo le ɖase ɖim le wo ŋu, eye woɖe woƒe nuvɔ̃wo fia faa abe Sodom ene, womeɣlae o; baba na wo, elabena woawo ŋutɔ ɖokui ŋu wole vɔ̃ wɔm ɖo.

10 Woayra ame dzɔdzɔewo, wo tɔ me nyo na wo, elabena woaɖu woƒe nuwɔwɔwo ƒe kutsetse.

11 Baba na ame vɔ̃ɖi, etɔ me vɔ̃e nɛ, elabena nusi eƒe asi wɔ la, eya woatsɔ awɔe.

12 Nye dukɔ ƒe ŋutasẽlawo nye ɖeviwo, eye nyɔnuwo ɖu fia ɖe wo dzi. Nye dukɔ, kplɔwòlawo nye ameflula wo, eye wobaɖa wò toƒe ƒe mɔwo.

13 Yehowa tso, be yeahe nya, etsi tre ɖi va, be yeadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo.

14 Yehowa kple eƒe dukɔ ƒe ame tsitsiwo kpakple eƒe amegãwo ɖi ʋɔnu be: Miawo miegblẽ nye weingble, eye mieha ame dahewo ƒe nuwo ɖe miaƒe xɔwo me.

15 Aƒetɔ, Yehowa Zebaot ƒe gbe enye si be: Nukaŋuti mienyã avuzi le nye dukɔ dzi, eye mieto hiãtɔwo ƒe mo nyanyanya?

16 Yehowa be: Esi Zion-nyɔnuviwo dana, eye wolia kɔ ganɛ nɔa yiyim, woɖoa mo ŋanɛ, wonɔa ble nyẽm xatsɛxatsɛ nɔa yiyim, eye woƒe afɔgawo nɔa ɖiɖim gleŋgleŋ la,

17 eyata Aƒetɔ la abebe ta na Zion-nyɔnuviwo, eye Yehowa aɖe ama wo.

18 Gbemagbe Aƒetɔ la aɖe afɔgɛwo ƒe atsyɔ̃ɖoɖo ɖa, ŋgoblanuwo, gaviwo,

19 togɛwo, abɔkpowo kple moxevɔwo,

20 takuwo, afɔwo dome kɔsɔkɔsɔwo, alidziblanuwo, anuwɔtregoewo kple kadodowo,

21 asigɛwo kple ŋɔtigɛwo,

22 atsyɔ̃vɔwo, awu ʋlayawo, taɖedziwo kple akplowo,

23 ahuhɔ̃ewo, awutewuiwo, tabablawo kple moxevɔ gãwo.

24 Ʋeʋẽ kũ axɔ ɖe ʋeʋẽ lilili teƒe, ka axɔ ɖe alidziblanu teƒe, tabebe axɔ ɖe ɖaƒoƒo teƒe, akpanyatata axɔ ɖe awu ʋlaya nyui teƒe, eye dzobi axɔ ɖe nyonyo teƒe.

25 Wò ŋutsuwo atsi yi nu, eye wò kalẽtɔwo atsi aʋa me.

26 Woƒe agbowo axa nu, woata konyi, eye woaɖi ƒuƒlu abɔbɔ nɔ anyigba.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan