Yesaya 29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Woado ŋɔdzi na Yerusalem, eye woaɖee. 1 Baba na Ariel, Ariel-du, si me Dawid ƒu asaɖa anyi ɖo! Ne míekpe ƒe ɖe ƒe ŋu, eye ŋkeke nyui wo tre va kpe la, 2 ekema maxaxa Ariel ɖo, konyifafa kple nuxaxa ayɔe, eye woazu Ariel vavã nam. 3 Maƒu asaɖa anyi ɖe ŋuwò godoo, mana aʋakɔwo namimi wò ɖo, eye maɖe ne ɖe ŋuwò. 4 Aƒo nu tso anyigba tu me ke, eye wò nuƒoƒo aɖi tso ke me; wò gbe anɔ abe ŋɔli to ene tso anyigba me, eye wò nuƒoƒo aɖi huhuhu tso ke me. 5 Ke wo ketɔ gbogboawo azu abe kewɔ memee ene, eye ŋutasẽla geɖegeɖeawo azu abe tsro, si ʋu ya ene; ava me zi ɖeka kpoyi. 6 Yehowa Zebaot atsɔ dziɖegbe kple anyigbaʋuʋu, gbeɖiɖi sesi, ya kple ahom kpakple dzoƒaɖe binu ahe to na wò. 7 Eye dukɔwo ƒe amehawo katã, siwo ho aʋa ɖe Ariel ŋu, kple amesiwo katã tso ɖe eya kple eƒe mɔ̃ sesẽ la ŋu, eye woxaxae ɖo la, anɔ abe drɔ̃ekuku kple zã me ŋutega ene. 8 Alesi dɔwuitɔ kua drɔ̃e be, yele nu ɖum, ke ne enyɔ la, dɔa nu melana ne o, eye alesi tsikɔwuitɔ kua drɔ̃e be, yele tsi nom, ke ne enyo la, nu tea eŋu, eye eƒe veme ƒuna la, nenemae dukɔ, siwo katã ho aʋa ɖe Zion-toa ŋu la ƒe amehawo anɔ. Woagbã ŋku na dukɔ la. 9 Miɖo asi nu, eye miaƒe nu Hetsi te, mitre ŋku, eye mizu ŋkuagbãtɔwo! Womu aha, ke menye wein ye wɔe o, wole ya mum, ke menye aha muame ye wɔe o. 10 Elabena Yehowa trɔ alɔ̃dɔdɔ sesẽ ƒe gbɔgbɔ kɔ ɖe mia dzi, etre miaƒe ŋkuwò, siwo nye nyagblɔɖilawo, eye wotsyɔ nu miaƒe tawo, siwo nye nunɔlawo. 11 Ale ŋutegawo katã anɔ na mi, abe agbalẽ, si nu wotre la me nya ene, esi ne wotsɔe na agbalẽnyala gblɔ be: Xlẽe la, aɖo ŋu be: Nyemate ŋui o, elabena wotre enu 12 Eye ne wotsɔ agbalẽ la na ame manyagbalẽ gblɔ be: Xlẽe la, aɖo ŋu be: Nyemenya agbalẽ o. 13 Eyata ale Aƒetɔ la gblɔ esi: Esi dukɔ sia te va kple woƒe nu, eye wotsɔ woƒe nuyiwo de bubu ŋunye, ke woƒe dzi le adzɔge tso gbɔnye, eye woƒe vɔvɔ̃ nam nye amegbetɔwo ƒe ɖoɖo, siwo wosrɔ̃ ko la, 14 eyata kpɔ ɖa, megaɖe nukunu afia ɖe dzi ɖe dukɔ sia ŋu, nukunuwo ƒe nukunu wòanye, nunya abu ɖe woƒe nunyalawo, eye gɔmesese asi abe ɖe woƒe nugɔmeselawo. 15 Baba na amesiwo nɔa bebem le Yehowa ŋku me, woɣlaa woƒe adaŋudede, eye wowɔa woƒe nu le vivi me henɔa gbɔgblɔm be: Ameka le mía kpɔm, eye ameka dze si mí? 16 Oo, mieflu mia ɖokui! Ɖe tsu le abe zemela ene, ne nuwɔwɔ nagblɔ na ewɔla be: Menye wòe wɔm o, eye numeme nagblɔ na emela be: Mele ɖeke nyɔm oa? Nuku tɔtrɔ la. 17 De mekpɔtɔ vie ko, ne Libanon nazu atibɔ, eye woabu atibɔ de avewo me oa? 18 Le ɣemaɣi la tokunɔwo ase agbalẽ sia me nyawo, eye ŋkuagbãtɔwo ƒe, ŋkuwo akpɔ nu tso blukɔ kple viviti me. 19 Hiãtɔwo akpɔ dzidzɔ de Yehowa ŋu agakpɔe ɖe dzi, eye ame dahewo le amegbetɔwo dome atso aseye de Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu. 20 Elabena ŋutasẽlawo nu tso, fewuɖulawo nu yi, eye wotsrɔ̃ amesiwo katã bua nu madzɔmadzɔ ŋuti, 21 amesiwo tsɔa nya blea amewo dea nuvɔ̃ me le ʋɔnudɔdrɔ̃ me, wotrea mɔ̃ na nyadrɔ̃la le ʋɔnu, eye wotsɔa alakpadada ƒua ame dzɔdzɔe anyi. 22 Eyata ale Yehowa, amesi ɖe Abraham la, gblɔ na Yakob ƒe aƒe la enye si. Ŋu magakpe Yakob azɔ o, eye eƒe mo magatsi dã azɔ o. 23 Ne viawo kpɔ nye asinudɔwɔwɔwo le wo dome la, woakɔ nye ŋkɔ ŋu, woakɔ Yakob ƒe kɔkɔetɔ la ŋu, eye woava Israel ƒe Mawu la; 24 tamedadatɔwo ase nu gɔme, eye tosẽlawo asrɔ̃ nunya. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana