Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Ʋɔnudɔdrɔ̃ Efrayim kple Yuda.

1 Baba na Efrayim-hamulawo ƒe dàdafiakuku kple eƒe atsyɔ̃ ƒe seƒoƒo dzeani yɔyrɔ, si le weinmulawo ƒe bali wɔnu ta me!

2 Kpɔ ɖa, nu sesẽ kako atso Aƒetɔ ta gbɔ ava abe dzikpe ƒe dzadza kple ahom gblẽnu ene; aƒoe aƒu anyi kple ŋusẽ, abe tsiɖɔɖɔ sesẽ ƒe gbagba ɖe anyi ene.

3 Woafanya Efrayim-hamulawo ƒe dàdafiakuku kple alo;

4 eye woava me na eƒe atsyɔ̃ ƒe seƒoƒo dzeani yɔyrɔ, si le bali wɔnu ta me la, abe gbotsetse, si ɖi, hafi dzomeŋɔli ɖo, esi, ne amea ɖe kpɔe la, mekpɔa ɖoa asi me hafi wòminɛ o la ene.

5 Le ɣemaɣi la Yehowa Zebaot anye atsyɔ̃kuku kple ŋgoblanu dzeani na eƒe dukɔ susɔea;

6 anye ʋɔnudɔdrɔ̃gbɔgbɔ na amesi le ʋɔnudɔdrɔ̃ nu kple ŋusẽ na amesiwo gbugbɔ aʋa ɖo ɖe agbo nu.

7 Ke wein le ya mum amesiawo hã, eye aha muame na wole yiyim sagãsagã. Aha muame le ya mum nunɔla kple nyagblɔɖila, wein toto ta me na wo, eye aha muame na wole yiyim sagãsagã; wole ya mum le nyagblɔɖi gbɔ, eye wole yiyim sagãsagã le afiatsotso gbɔ.

8 Elabena xeɖeɖe ya kplɔ̃wo katã dzi fũ, ale be teƒea ɖeke megali o.

9 Ameka wòafia sidzedzee, eye ameka wòaɖe nya gome na? Ɖevi, si dzudzɔ notsi, kple ɖevi, si ɖi le noea?

10 Se ɖe se dzi, se ɖe se dzi, ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, afi ʋee, game ʋee.

11 Eyata atsa miyi, si kɔkɔna, kple aɖe tutɔ aƒo nu kple dukɔ sia!

12 Egblɔ na wo be: Dzudzɔ enye si, mina dzudzɔ amesiwo ŋu ɖeɖi te, eye gbɔɖeme enye si! Ke wogbe toɖoɖo.

13 Eyata Yehowa ƒe nya ava me ɖe wo ŋu be. Se ɖe se dzi, se ɖe se dzi, ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, afi ʋee, game ʋee, ne woazɔ ahate gbugbɔɖemegbee adze anyi, eye woagbã gudugudu, mɔ̃ aɖe wo, eye asi atu wo.

14 Eyata mi fewuɖulawo, dukɔ sia, si le Yerusalem la ƒe dziɖulawo, mise Yehowa ƒe gbe:

15 Elabena miegblɔ be: Míebla nu kple ku, eye mie ɖu dzo kple tsieƒe. Atam, si le nyènyem le yiyim la, mava mía gbɔ o, elabena míetsɔ aʋatso wɔ míaƒe sitsoƒee, eye míebe de alakpa gbɔ.


Dzogoedzikpe xɔasi la.

16 Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meɖo kpea ɖe anyi ɖe Zion, kpe, si wodo kpɔ, dzògoekpe xɔasi, si li ke zã. Amesi xɔe se la, masi o.

17 Matsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ awɔ dzidzekae, eye dzɔdzɔenyenye anye nudanu; dzikpe atsrɔ̃ aʋatsositsoƒe la, eye tsi akplɔ bebeƒe la adzoe;

18 woagblẽ mia kple ku ƒe nubabla la me, eye mía kple tsieƒe ƒe dzoɖuɖu la mali ke o. Atam, si le nyenyem le yiyim la, agba mi gudugudu.

19 Ne eva le yiyim la, eƒe asi axe mi kã, elabena ava yi ŋdi sia ŋdi, le ŋkeke kple zã me, eye ŋɔdzi ɖeɖe sɔŋ aɖe nya gome na mi.

20 Elabena aba ana kpute, be afɔdadra mana anyi o, eye avɔ makeke, be woaxatsa ame ɖokui ɖe eme o.

21 Elabena Yehowa akɔ eɖokui ɖe dzi abe le Perazim-to la gbɔ ene, eye wòanyrã abe le Gibeon-bali me ene, ne woawo eƒe do, do tutɔ enye eƒe do la, ne woawo eƒe nuwɔwɔ, nuku enye eƒe nuwɔwɔ.

22 Eyata miganɔ fewu ɖum, ne miaƒe babla nadzi goŋgoŋ o; elabena wotsrɔ̃ kple tameɖoɖo kplikpaa mese tso Aƒetɔ, Yehowa Zebaot gbɔ ɖe anyigba blibo la ŋu.


Mawu ƒe nuku ɖaŋu la.

23 Miƒu to anyi, ne miase nye gbe, miɖo ŋku anyi, ne miase nye nuƒoƒo.

24 Ɖe agbleŋlɔla nɔa nuŋɔŋlɔ dzi atraɖi, ne wòaƒã nua? De wòdzraa anyigba ɖo hedzobonɛ atraɖia?

25 Alo ne edzobo eme la, ɖe mewua sikɔni kple adrike ɖi, eƒãa lu ɖe agbaka nu kple ƒo ɖe enɔƒe kpakple bli ɖe boliƒo dzi oa?

26 Eƒe Mawu fia mɔnui ɖe kɔnu la nu, eye wòfiã nui.

27 Elabena menye luƒotasiaɖam wotsɔna ƒoa sikɔni o, eye womemlia tasiaɖamfɔ toa adrike dzi o, ke boŋ kpo wotsɔna ƒoa sikɔni, eye ati wotsɔna ƒoa adrike.

28 Ɖe wogbãa lu, si woƒoa aboloe la nyanyanyaa? Womeƒonɛ atraɖi o, wohea tasiaɖamfɔ kple sɔwo toa edzii, ke womegbãnɛ nyanyanya o.

29 Esia hã tso Yehowa Zebaot gbɔ. Eƒe adaŋudede enye nuku, eye eƒe nunya lolo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan