Yesaya 27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Ŋusẽtɔwo bɔbɔɖanyi kple Israel ƒoƒoƒu. 1 Ɣemaɣi la Yehowa atsɔ eƒe yi kpekpe gã sesẽ la ahe to na ʋɔ driba, si nye ɖa, si le sisim, kple ʋɔ driba, si nye da xatsaxatsa la, eye woawu boso le atsiaƒu me. 2 Ɣemaɣi la midzi ha le weingble nyo la ŋu be. 3 Nye Yehowa manye eŋu dzɔla, eye made tsii ɣesiaɣi, be naneke magawɔe o; madzɔ eŋu zã kple keli. 4 Dzi mele kuyem o; ne makpɔ aŋɔkawo kple ŋuwò la, maho aʋa ɖe wo ŋu atɔ dzo wo katã; 5 negbe ɖeko woava sim atso, eye woawɔ ŋutifafa kplim hafi, ŋutifafa ko woawɔ kplim hafi! 6 Le ŋkeke, siwo gbɔna me la, Yakob ato ke, Israel adze, eye wòaƒo se, eye eƒe kutsetse ayɔ xexeame taŋ. 7 Ɖe wòƒo Israel, abe alesi wòƒo eƒolawo enea? Alo ɖe wòwui, abe alesi wowu ewulawo enea? 8 Esi nènyã wo ɖa la, mèhe to na wo wòtso eme o; etsɔ wò ya ʋuɖuʋudu kplɔ wo ɖae le gbesigbe ɣedzeƒeya ƒo. 9 Eyata alea ko woawɔ hafi atsɔ Yakob ƒe vodadawo akee, eye esia katã anye eƒe nuvowo ɖeɖeɖa ƒe kutsetse: be wòƒo vɔsamlekpui ƒe kpewo katã abe akalokpe gbagbã ene, eye Asera kple ɣelegbawo maganɔ anyi o. 10 Elabena du sesẽ la tsi akogo, amenɔƒe ɖi aƒedo, eye wogblẽe ɖi abe gbegbe ene. Nyiviwo aɖu gbe le afima, woa-tsyo akɔ anyi ɖe afima, eye woaɖu eƒe alɔwo. 11 Ne woƒe alɔwo ƒu la, woaŋe wo, nyɔnuwo ava ade dzo wo me; elabena dukɔ manyanu wonye. Eyata wo wɔla makpɔ nublanui na wo o, eye wo mèla mave wo nu o. 12 Eye ava me le ɣemaɣi be, Yehowa atsa ali aƒo luwo tso tɔsisi la nu vaseɖe Egipte-tɔʋu la nu, eye woata mi ɖekaɖeka, mi Israel-viwo. 13 Eye woava me be, woaku kpẽ gã la, eye amesiwo bu ɖe Asur-nyigba dzi kple amesiwo wonyã de gbe ɖe Egipte-nyigba dzi la, ava ado gbe ɖa le Yehowa ŋku me le to kokoe la dzi le Yerusalem. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana