Yesaya 26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu ƒe dukɔ ƒe kafukafuha kple mɔkpɔkpɔ. 1 Ɣemaɣi woadzi ha sia le Yuda-nyigba dzi be: Du sesẽ le mía si, etsɔ eƒe xɔname wɔ gli kple ʋewo na mí. 2 Miʋu agboawo, ne dukɔ dzɔdzɔe, si dzraa nyateƒe ɖo la, nage ɖe eme. 3 Etsɔ ŋutifafa dzra amesi ƒe susu li ke la ɖo, elabena eɖo dzi ɖe ŋuwò. 4 Miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu ɖaa, elabena Yehowa, ẽ, Yehowa enye agakpe tegbee. 5 Elabena eƒu kɔkɔƒenɔlawo anyi, ebɔbɔ ɖu kɔkɔ la ɖe anyi, ebɔbɔe vaseɖe anyigba ke, eye wòtee ɖe ke me. 6 Afa fanya wo, ame dahewo ƒe afa kple hiãtɔwo ƒe afɔɖeɖe. 7 Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe to mo ɖeka, eta ame dzɔdzɔe ƒe mo wòdzɔ. 8 Yehowa, míekpɔ ma na wò le wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo ƒe mo dzi ke hã; wò ŋkɔ kple wò kafukafu dzro luʋɔwo. 9 Ele nye luʋɔ dzrom le zã me, nye gbɔgbɔ hã le diwòm le menye; elabena ne wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo va anyigba dzi la, xexeametɔwo srɔ̃a dzɔdzɔenyenye. 10 Ne wòve ame vɔ̃ɖi nu la, mesrɔ̃a dzɔdzɔenyenye o, ke boŋ ewɔa nu vɔ̃ɖi le anyigba dzɔdzɔe dzi, eye meléa ŋku ɖe Yehowa ƒe gãnyenye ŋu o. 11 Yehowa, wò alo le dzi, ke womelé ekpɔm o; woakpɔ ŋuʋaʋã ɖe dukɔ la ŋu, eye ŋu akpe wo, eye dzo afiã wò ketɔwo. 12 Yehowa, ana ŋuti fafa mí, elabena èwɔ míaƒe do wo katã de goe na mí. 13 Yehowa, mía Mawu, ame geɖewo ɖu aƒetɔ ɖe mia dzi hekpe ɖe ŋuwò; wò ɖeɖe kple wò ŋkɔ ko míakafu! 14 Ame kukuwo me gagbɔa agbe o, eye ŋɔliwo megafɔna o; eyata nèhe to na wo hetsrɔ̃ wo, eye nètsi woƒe ŋkɔwo katã nu. 15 Ena dukɔ la dzi ɖe dzi, Yehowa, èna dukɔ la dzi de dzi, ède bubu ɖokuiwò ŋu, eye nèkeke anyigba ƒe liƒowo katã ɖe nu. 16 Yehowa, wodi wò le hiã me, eye esi wò tohename va wo dzi la, wotrɔ woƒe dzi me nya wo ƒo ɖe anyi. 17 Alesi ne funɔ ƒe vidzidzi tu aƒe wonoa togotogoe ƒom nɔa ɣli dom le veve sese ta la, Yehowa, nenema míenɔ le ŋkuwò mee. 18 Míefɔ fu, eye míelé ku, ke tofloko ko míedzi: xoname meva na anyigba la o, eye amewo medzɔ ɖe xexea me o. 19 Wò ame kukuwo agbɔ agbe, eye nye ame kukuwo afɔ ɖe tsitre! Minyɔ, mi ketu me tɔwo, eye mitso aseye, elabena miaƒe zãmu enye kekeli ƒe zãmu, eye anyigba aɖe ŋɔliwo ana. 20 Nye dukɔ, yi ɖe wò xɔgã me, eye nado ʋɔ ɖe ɖokuiwò nu, ɣla ɖokuiwò vie, vaseɖe esime dziku la nu nava yi. 21 Elabena Yehowa ado tso enɔƒe, ne wòaxe anyigbadzitɔwo ƒe vodada ŋu fe na wo, anyigba aklo nu le eƒe ʋu dzi, eye magatsyɔ nu amesiwo wowu ɖe edzi la dzi o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana