Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu kafukafu.

1 Yehowa, nye Mawu nènye, mado wò ɖe dzi, eye makafu wò ŋkɔ! Elabena èwɔ nukunuwo, wò gbaɖegbe tameɖoɖowo nye nyateƒe, eye wometrɔna o!

2 Elabena èna du la zu anyiglãgo, eye mɔ̃ sesẽ la zu glikpo, du bubu me towo ƒe fiasã maganye du o, eye womagatui akpɔ gbeɖegbeɖe o.

3 Eyata dukɔ nyanyrãwo ade bubu ŋuwò, eye dukɔ sesẽwo ƒe duwo avɔ wò.

4 Elabena mo sesẽ nènye na ame beliwo, mɔ̃ sesẽ nènye na ame dahewo le woƒe hiã me; sitsoƒe nènye tso dziya nu kple vɔvɔli tso ŋdɔkutsu nu; elabena ŋutasẽlawo ƒe gbɔgbɔ fuxefuxe le abe dziyae le ƒoƒom ɖe gli ŋu ene.

5 Ete du bubu me towo ƒe nyanyrã ɖe to abe ŋdɔkutsu le kuɖiɖinyigba dzi ene; etsi ŋutasẽlawo ƒe aseyetsoha nu, abe alesi alilikpowo ƒe vɔvɔli tsia ŋdɔkutsu nu ene.


Mawu aɖo dzidzɔkplɔ̃ na dukɔwo le Zion.

6 Eye Yehowa Zebaot atsɔ nuɖuɖu damiwo kple wein, siwo ɖo ƒã la, atu aglo na dukɔwo katã ɖe to sia dzi; nuɖuɖuawo da ami, eye ƒuto me mi le wo me, weinawo ɖo ƒã, eye wo me dza.

7 Eye woade avɔ, si tsyɔ dukɔwo katã dzi, kple nutsyɔnu, si tsyɔ anyigba dzi dukɔwo katã dzi la ɖa le to sia dzi.

8 Ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwò katã me, eye woaɖe eƒe dɔlawo ƒe ŋukpe ɖa tso anyigba blibo la dzi. Elabena Yehowa ye gblɔe.

9 Ɣemaɣi woagblɔ bena: Kpɔ ɖa, mía Mawu, amesi ŋu míedo ŋu ɖo be, aɖe mi la, enye si; Yehowa, amesi ŋu míeɖo ŋu ɖo la, enye si! Mina miatso aseye, eye míakpɔ dzidzɔ le eƒe xɔname ŋu!

10 Elabena Yehowa ƒe asi aɖiɖi ɖe to sia dzi, eye wòafanya Moab ɖe enɔƒe, abe alesi wofanyaa gbe ɖe agboti me ene;

11 akeke abɔ me le eme, abe alesi tsiƒula kekea abɔ, be yeaƒu tsi ene; ke ate eƒe dàda kple eƒe ayedzesiwo ɖe to.

12 Eye woagbã wò gli kɔkɔ sesẽwo aƒu anyi, abɔbɔ wò ɖe anyi, eye wòate wò ɖe ke me.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan