Yesaya 24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ anyigba. 1 Kpɔ ɖa, Yehowa aɖi gbɔlo anyigba, eye wòagblẽe, atrɔ eƒe ŋku me abu anyi, eye woaka edzi nɔlawo ahlẽ. 2 Eye woava me na dukɔ abe nunɔla ene, dɔlaŋutsu abe eƒe aƒetɔ ene, dɔlanyɔnu abe eƒe aƒenɔ ene, nuƒlela abe nudzrala ene, agbanatɔ abe agbanadola ene, eye fenyila abe fetɔ ene. 3 Woaɖi gbɔlo anyigba ƒiaƒiaƒia, eye woahae keŋkeŋ, elabena Yehowa gblɔ nya sia. 4 Anyigba le nu xam, eye wòyrɔ; nu te xexeame ŋu, eye wòlé akpɔ; nu te anyigba dzi dukɔwo ƒe bubumewo ŋu. 5 Wogblẽ kɔ ɖo na anyigba to edzi nɔlawo dzi, elabena woda seawo dzi, wòto vo ɖe ɖoɖoawo ŋu, eye wotu nubabla mavɔ la. 6 Eyata fiƒode le anyigba ɖum, eye edzi nɔlawo akpɔe ɖe enu. Eyata anyigbadzitɔwo afia kolikoli, eye amegbetɔ ʋeea ɖewo kɔe asusɔ. 7 Wein yeye ano ƒiaƒiaƒia, weinka ayra, eye amesiwo katã ƒe dzi kpɔa dzidzɔ la, aɖu tse. 8 Asíʋuiwo ƒe vivisese nu tso, dzidzɔkpɔlawo ƒe howɔwɔ se ɖo, eye kasaŋkuwo ƒe vivisese nu tso. 9 Womaga-dzi ha ɖe wein-nono ŋu o, eye aha muame ave heliheli na enolawo. 10 Wogbã du ɖiƒeƒle la, wotu xɔwo katã ƒe ʋɔwo, eye wo me yiyi meli o. 11 Wole konyi fam ɖe wein ŋu le ablɔwo me, dzidzɔwo katã nu yi, vivisesewo bu le anyigba dzi. 12 Du la zu aƒedo, eye wogbã agbo la wòzu glikpo. 13 Elabena alea wòanɔ le anyigba dzi le dukɔwo dome, abe alesi wogbea amititsetse kple alesi woxaa nu mlɔea, ne weinxaxa nu va yi ene. 14 Ame kemeawo kɔ woƒe gbe dzi le aseye tsom le ƒu gome le Yehowa ƒe gãnyenye ta be: 15 Eyata mikafu Yehowa le ɣedzeƒe kple Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ le ƒukpowo dzi! 16 Míese hadzidzi tso anyigba ƒe mlɔenu be: Woakafu ame dzɔdzɔewo! Ke nyea megblɔ be: Nye nublanuitɔ, baba nam! Adzodalawo le nu ham, nuhaha dzi adzodalawo le! 17 Mi anyigbadzitɔwo, ŋɔdzi, ʋe kple mɔ̃ka le mia dzi va ge! 18 Eye amesi ase ŋɔdzi ŋkɔ asi la, age adze ʋe me, eye amesi ado le ʋe me la, mɔ̃ka aɖee. Elabena woʋu dzimefesrewo, eye anyigba ƒe agunu le dzodzom kpekpekpe. 19 Anyigba fe kpla, anyigba wó kpla, anyigba le ʋuʋum keɖekeɖe; 20 anyigba le ya mum abe ahamula ene, eye wòle nyenyem ʋakaʋaka abe ahamaka ene, elabena eƒe dzidadawo do agba ɖe edzi; adze anyi, eye magafɔ o. Mawu aɖe eƒe ŋutikɔkɔe ɖe ko le Zion. 21 Eye woava me le ɣemaɣi be, Yehowa ahe to na dziƒoʋakɔwo le dzi me kple anyigba dzi fiawo le anyigba dzi. 22 Woaƒo wo nu ƒu abe gatɔwo ene ɖe do me, eye woatu gaxɔ ɖe wo nu, eye le ɣeyiɣi geɖe megbe hafi woaɖo ŋku wo dzi. 23 Du akpe ɣleti, eye ɣe ƒe mo atsi dã, elabena Yehowa Zebaot ɖu fia le Zion-to la dzi kple Yerusalem, eye atsyɔ̃ɖoɖo le eƒe ame tsitsiwo ŋku me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana