Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Wogbã Tiro gagbugbɔe tu hena Mawu ƒe bubu.

1 Nya ɖe Tiro ŋu: Mi Tarsis-ʋukulawo, mifa avi, elabena etsrɔ̃, aƒea ɖeke megali o, eye tɔtrɔgbɔ megali o! Wosee le Kititɔwo ƒe anyigba dzi.

2 Mi ƒutatɔwo, Zidon-sitsalawo, amesiwo toa atsiaƒu dzi, eye woyɔa dua me taŋ la, miaƒe nu netsi te!

3 Wotso Sixor ƒe nukuwo kple Nil ƒe agblemenuwo va me, eye wòzu dukɔwo ƒe asiɖiƒe.

4 Zidon, ŋu nekpe wò, elabena atsiaƒu, atsiaƒu ƒe mɔ̃ sesẽ gblɔ be: Fu meɖum o, nyemedzi vi o, eye nyemenyi ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo wotsi o.

5 Ne nya la de Egipte la, woadzo nyanyanya le Tiro ƒe nya la ta.

6 Miyi Tarsis, mifa avi, mi ƒutatɔwo!

7 Miaƒe dzidzɔdu, si dzɔ tso blema ke la, nye esia? Woƒe afɔwo kɔe yi didiƒe, ne wòadanye amedzro le afima.

8 Amekae ɖo esia ɖe Tiro, si ɖaa fiakuku na ame la ŋu? Eƒe asitsalawo nye amegãwo, eye eƒe nudzralawo nye ame ŋkutawo le anyigba dzi.

9 Yehowa Zebaot ɖoe ɖe ta me be, yeaɖi gbɔ atsyɔ̃ɖoɖowo katã ƒe dàda, eye yeaklo bubu le ame ŋkutawo ŋu le anyigba dzi.

10 Gbagba ɖe wò anyigba dzi abe Nil ene, wò Tarsis-nyɔnuvi, alidziblanua ɖeke megali o!

11 Edo eƒe alo ɖe atsiaƒu ŋu, eʋuʋu fiaɖuƒewo, Yehowa de se ɖe Kanaan ŋu, ne wòatsrɔ̃ eƒe mɔ̃ sesẽwo,

12 eye wògblɔ bena: Màgatso aseye o, wò Zidon-ɖetugbi, si wogblẽ; tso, nayi Kititɔwo gbɔ, màkpɔ gbɔdzɔe le gama hã o.

13 Kpo ɖa, Asur tso Kaldeatɔ, siwo meganye dukɔ o la ƒe anyigba na gbedzilãwo; wotu xɔ tsralawo, eye wogbã woƒe fiasãwo wozu glikpo.

14 Mi Tarsis-ʋukulawo, mifa avi, elabena wogblẽ miaƒe mɔ̃ sesẽ la.

15 Eye ava me le ɣemaɣi be, ŋku adzo le Tiro dzi ƒe blaadre sɔŋ abe fia ƒe ƒe ene. Le ƒe blaadre megbe la ava me na Tiro, abe alesi wodzia gbolohae ene be:

16 Wò gbolo, si woŋlɔ be, tso kasaŋku natsa le dua me godoo; ƒo saŋku nyuie, dzi ha geɖe, ne woagaɖo ŋku dziwò!

17 Le ƒe blaadre megbe la Yehowa agaɖo ŋku Tiro dzi, eye wòagatrɔ ɖe eƒe gboloho ŋu, eye woawo gbolo kple anyigba dzi fiaɖuƒe, siwo katã le xexea me.

18 Ke eƒe viɖe kple gboloho ŋu akɔ na Yehowa; womali koe o, eye womafi ɖo gleglegle o, ke boŋ eƒe adzododo anye amesiwo le Yehowa ŋku me la tɔ, ne woaɖu nu aɖi ƒo, eye woata ava nyuiwo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan