Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Woaɖe to ɖe Yerusalem ŋuti.

1 Nya ɖe ŋutegabalime la ŋu: Nya ka dzo, be mi katã miede xɔta?

2 Wò, howɔwɔ kple ʋunyaʋunya ƒe ɖu; wò, mɔ̃ tsoaseye! Wò ame kukuwo la, menye yi woda wo o, eye menye aʋa me wotsi o;

3 wò tatɔwo katã si, wobla wo ɖa matsɔmatsɔe, wode ga wò amewo katã, esi wòsi yi didiƒe ke hã

4 Eyata mebe: Miɖe ko ɖa le ŋunye, ne mafa avi vevie, migaƒo ɖu ɖe nunye, be yewoafa akɔ nam le nye dukɔ ƒe vinyɔnu tsɔtsrɔ̃ la ŋuti o.

5 Elabena Aƒetɔ, Yehowa Zebaot he ʋunyaʋunya, tsɔtsrɔ̃ kple toto ƒe ŋkeke va ŋutegabali la me; wowlu gliwo te, eye ɣlikpɛ ɖi ɖo ɖe to la gbɔ.

6 Elam kpla daku, eye tasiaɖam, siwo ame ya, kple sodolawo kpe ɖe eŋu; Kir klo nu le akpoxɔnu ŋu.

7 Ale tasiaɖamwo yɔ wò bali nyuitɔwo me, eye sodolawo dze aʋa ɖe wò agbowo ŋu.

8 Eklo avɔ le Yuda dzi, eye nètsa ŋu na avexɔ ƒe aʋawɔnuwo gbemagbe.

9 Miekpo be, Dawid ƒe du la ƒe gbagbãƒewo so gbɔ, eye mieƒo anyigbeta ƒe tsiwo nu ƒu;

10 miexlẽ Yerusalem-xɔwo, eye miegbã xɔawo, be miatsɔ ali ke gliawoe.

11 Eye miede tsiʋe ɖe gli eveawo dome na ta xoxo la me tsiwo; ke mietrɔ kɔ ɖe amesi wɔe la ŋu o, eye mielé ŋku ɖe amesi wɔe tso gbaɖegbe ke la ŋu o.

12 Ɣemaɣi la Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, yɔ ame hena avifafa, konyifafa, talulũ kple akpanyatata;

13 ke agbeɖuɖu kple dzidzɔkpɔkpɔ li: wole nyi wum, wole ale tsom, wole lã ɖum, eye wole wein nom! Mina míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ miele kuku ge!

14 Ke Yehowa Zebaot gblɔ ɖe to me nam be: Womatsɔ vodada sia ake mi akpɔ o, vaseɖe esime miaku! Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, ye gblɔe!


Woagblẽ Sebna.

15 Ale Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, gblɔ esi: Tso, nayi nuwo dzikpɔla Sebna, amesi lé aƒea nu la gbɔ.

16 Nukae le asiwò le afi, eye amekae li na wò le afi, hafi nèɖe yɔdo na ɖokuiwò ɖe afi, eɖe yɔdo ɖe kɔkɔƒe, eye nèwɔ nɔƒe na ɖo-kuiwò ɖe agakpe me?

17 Kpɔ ɖa, Yehowa ada wò ɖa, abe alesi ŋutsu ɖaa nu ɖae ene, eye wòavà wò goŋgoŋ,

18 eye woaŋlɔ wò kotikoti abe nu mligoe ene aɖo ɖe anyigba, si keke le goawo kple eve me la dzi. Afima naku ɖo, eye afima wò tasiaɖam nyuiawo atsi, wò, amesi nye wò aƒetɔ ƒe aƒe ƒe ŋukpe la!

19 Maɖe wò le wò do nu, eye matutu wò ɖa le nowòƒe.


Woado Elyakim ɖe dzi.

20 Eye woava me le ɣemaɣi be, mayɔ nye dɔla Elyakim, Xilkiya vi,

21 maɖo wò awu nɛ, eye matsɔ wò alidziblanu abla ali dzi nɛ, matso wò dziɖuɖu ade asi ne, eye wòanye fofo na Yerusalem-tɔwo kple Yuda ƒe aƒe la.

22 Matsɔ Dawid ƒe aƒe la ƒe safui aɖo abɔta nɛ, aʋui, eye amea ɖeke madoe o; adoe, eye amea ɖeke maʋui o!

23 Maƒoe ɖe teƒe sesẽ abe tsyoti ene, eye wòazu bubufiazikpui na fofoa ƒe aƒe.

24 Eye fofoa ƒe aƒe hahoo blibo la aku ɖe eŋu, viwo kple tɔgbuiyɔviwo kple nu kpotoekpotoewo katã, tso agbanuwo dzi vaseɖe goenuwo katã dzi.

25 Yehowa Zebaot be: Le ɣemaɣi la tsyoti, si woƒo ɖe teƒe sesẽ la, agli, aŋe, age adze anyi, eye agba, si le eŋu la, akaka gbẽ; elabena Yehowa ye gblɔe!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan