Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nyagblɔɖi le Babel ŋuti.

1 Nya ɖe atsiaƒutagba ŋu: Egbɔna tso anyigba dziŋɔ dzi abe ahom le dziehe, si le tutum tso gbe dzi ene.

2 Ŋutega sesẽa ɖe woɖe fiãm be: Amegɔmezɔla, zɔ ame gɔme; adzoblasu, ha nu! Elam, ho va; Media, ɖe to ɖe ŋu! Matsi eƒe hũɖeɖewo katã nu.

3 Eyata nye ali tsom, eye veve ƒo ɖe dzinye abe nyɔnu dzivi ƒe vevesese ene. Nye ta me tɔtɔ, ale be nyemele nu sem o, eye dzi-dzi ƒom, ale be nyemele nu kpɔm o.

4 Nye dzi le ya mum sagãsagã, dzidziƒoame ble fu lã me nam, wona fiẽ, si ŋu mele ŋu ɖom ɖo la, zu ŋɔdzi nam.

5 Miɖo kplɔ̃, eye mikeke kuntruwo, miɖu nu, mino nu! Mi amegãwo, mitso, ne miasi ami na akpoxɔnu!

6 Elabena ale Aƒetɔ la gblɔ nam enye si: Yi naɖo gbetakpɔ la, ne wòato nusi wòkpɔ.

7 Eye ne ekpɔ sɔɖolawo ƒe ha le eveve, tedzi-dolawo kple kposɔdolawo la, wòaƒu to anyi vevie,

8 ahade gbe abe dzata ene be: Aƒetɔ, metsi tre ɖe nye dzɔƒe la ɖaa le ŋkeke me, eye metsi dzɔƒe la le zã blibo la me,

9 tete ŋutsu sɔdolawo gbɔna hele gbɔgblɔm be: Babel mũ, emũ, eye wogbã eƒe legbawo katã ƒu anyi.

10 Nye amesiwo wogbã gudugudu, nye lugboƒeviwo, nya, si mese tso Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la gbɔ la, meto na mi.


Nyagblɔɖi ɖe Edom ŋuti.

11 Nya ɖe Duma ŋu: Woyom tso Seir be. Dzola, zã gbɔ tsɔa? Dzola, zã gbɔ tsoa?

12 Dzola be: Ŋkeke kple zã sia gbɔna ne miehe, yewoabia la, migava ne miabia!


Nyagblɔɖi ɖe Arabia nu.

13 Nya ɖe Arabia ŋu: Mi Dedantɔwo ƒe asihawo, mitsi ave me da le Arabia!

14 Mi Tema-nyigbadzitɔwo, mitso tsi yi ɖakpe ame tsikɔwuwo, mitso nuɖuɖu ɖakpe ame sisiwoe!

15 Elabena yi nu wòsi le; yi, si wodi, kple ɖa, si me wovu, kpakple aʋa ƒe nyanyrã nu wòsi le.

16 Elabena ale Aƒetɔ la gblɔ nam enye si; Le ƒe ɖeka me tututu abe agbatedɔwɔla ƒe ƒe ene la Kedar ƒe ŋusẽwo katã nu ayi,

17 eye Kedar-viwo ƒe aʋawolawo ƒe dati susɔeawo ƒe xexlẽme azu ʋee; elabena Yehowa. Israel ƒe Mawu la, ye gblɔe!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan