Yesaya 20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nyagblɔɖi le Asurtɔwo ƒe Egiptetɔwo kple ame yibɔwo denyigba dziɖuɖu ŋuti. 1 Le ƒe, si me Tartan va Asdod, esime Asur-fia Sargon dɔe ɖa, eye wòwɔ aʋa kple Asdod hexɔe la, 2 ɣemaɣi Yehowa ƒo nu to Yesaya, Amoz vi la dzi bena: Yi natu akpanya le ali, eye naɖe atokotawo le wò afɔ. Tete wòwɔ nenema, eye wòɖe ama le afɔ ƒuƒlu le yiyim. 3 Eye Yehowa gblɔ bena: Alesi nye dɔla Yesaya ɖe ama le afɔ ƒuƒlu le yiyim ƒe etɔ̃ sɔŋ la, dzesi kple kpɔɖeŋu wònye na Egipte kple Kus, 4 nenema Asur-fia akplɔ Egipte ƒe aboyomewo kple Kus ƒe amesiwo wonyã de gbe la ayii, ɖekakpuiwo kple amegã ɖeɖiwo, woaɖe ama, anɔ afɔ ƒuƒlu, eye woƒe agɔnu atsi ƒeƒle; ŋukpe wònye na Egipte. 5 Eye dzika atso wo ƒo, eye ŋu akpe wo ɖe Kus, si ŋu wole ŋu ɖom ɖo kple Egipte, si ta wole adegbe ƒom ɖo la ŋuti. 6 Eye ƒuta sia nɔlawo agblɔ le ɣemaɣi bena: Kpo ɖa, ale wòzu na amesiwo ŋu miele ŋu ɖom ɖo la enye si, amesiwo míesi yi ɖaɖo, be woaɖe mí tso Asur-fia si me. Aleke miawo míawɔ asi? |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana