Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Xɔxɔ kple ŋutifafa atso Zion ava na dukɔwo katã; gake la ʋɔnudɔdrɔ̃ ava Israel dzi gbã le eƒe trɔ̃subɔsubɔ ta.

1 Nya, si Yesaya, Amoz vi la, kpo le Yuda kple Yerusalem ŋu la enye si:

2 Ava me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta agbɔ towo ŋu, eye wòaƒo togbɛwo ta, eye anyigba dzi dukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu.

3 Eye dukɔ geɖewo atso agblɔ bena: Mina míayi Yehowa ƒe to la, Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia nu mí le eƒe mawo ŋu, eye míazɔ eƒe toƒewo. Elabena nufiame atso Zion, eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem.

4 Adrɔ̃ ʋɔnu na anyigba dzi dukɔwo, eye woatso nya me na dukɔ geɖewo; woatso woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatso woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatso yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋa wowu hã azɔ o.

5 Yakob ƒe aƒe, mitso, ne míazɔ le Yehowa ƒe kekeli me!

6 Etso wò dukɔ, Yakob ƒe aƒe la, ƒu gbe, elabena ɣedzeƒetɔwo ƒe afakaka yɔ wo fũ, wosa dzo abe Filistitowo ene, eye wona asi du bubu me viwo.

7 Klosalo kple sika yɔ eƒe anyigba dzi fũ, eye eƒe kesinɔnuwo teƒe mekɔ o; sɔwo yɔ eƒe anyigba dzi fũ, eye eƒe tasiaɖamwo teƒe mekɔ o.

8 Legbawo yɔ eƒe anyigba dzi fũ; wode ta agu na woawo ŋutɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo, nusiwo woawo ŋutɔwo ƒe asibide wɔ.

9 Ale amegbetɔ de ta agu, eye ŋutsu bɔbɔ eɖokui; màtsɔe ake wo o!

10 Yi ɖe agato me, eye naɣla ɖokuiwò ɖe ke me tso Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ la nu!

11 Woabɔbɔ amegbetɔwo ƒe ŋku kɔkɔwo ɖe anyi, eye woate ŋutsuwo ƒe dàda ɖe to, ale be Yehowa ɖeɖeko lanye gã le ŋkeke ma dzi.

12 Elabena ŋkeke li na Yehowa Zebaot ɖe dadalawo katã kple ame kɔkɔwo, ɖe nusiwo katã kɔa ta dzi la ŋu, ne woabɔbɔ ɖe anyi;

13 ɖe Libanon ƒe sedertiwo katã, siwo ko, eye woƒo ta la ŋu, ɖe Basan ƒe logotiwo katã ŋu;

14 ɖe to kɔkɔwo katã kple togbɛ kɔkɔwo katã ŋu;

15 ɖe xɔ tsrala kɔkɔwo katã kple gli sesẽwo katã ŋu;

16 ɖe Tarsis-ʋuwo katã kple nukpɔkpɔ veviwo katã ŋu.

17 Woabɔbɔ amegbetɔwo ƒe adegbeƒoƒo ɖe anyi, eye woate ŋutsuwo ƒe dàda ɖe to, ne Yehowa ɖeɖeko nanye gã le ŋkeke ma dzi.

18 Eye legbawo nu ayi keŋkeŋ.

19 Eye wòayi kpetowo kple anyigba dzi dowo me tso Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ nu, ne etso, be yeado ŋɔdzi na anyigba.

20 Gbemagbe la amegbetɔ atsɔ eƒe klosalolegba kple eƒe sikalegba, siwo wòwɔ, be yeade ta agu na la, aƒu gbe na alegeliwo kple agutɔwo,

21 ne wòayi agadowo kple kpetowo me tso Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ la nu, ne etso, be yeado ŋɔdzi na anyigba.

22 Eyata miɖe asi le amegbetɔ, si ƒe ŋɔti me gbɔgbɔ le la ƒe nya me, elabena nukata gɔ̃ woabui ɖo?

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan