Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nyagblɔɖi le Egipte ŋuti.

1 Nya ɖe Egipte ŋu. Kpɔ ɖa, Yehowa do alilikpo ɖidu gbɔna ɖe Egipte: Egipte legbawo dzo nyanyanya le eŋku me, eye dzi lolo ɖe dɔ me na Egipte

2 Eye mado avu na Egipte kple Egipte, nɔvi kple nɔvi, havi kple havi, du kple du, fiaɖuƒe kple fiaɖuƒe, ne woawo ana kple wo nɔewo.

3 Maɖe gbɔgbɔ le Egipte me keŋkeŋ, eye magblẽ eƒe tameɖoɖo me, eye woabia nu legbawo, dzotɔwo, ŋɔliyɔlawo kple afakalawo.

4 Matsɔ Egipte ade asi na amegã sesẽa ɖe, eye fia sẽŋuta aɖu wo dzi, Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, ye gblɔe!

5 Tsi ano le atsiaƒu me, eye tɔsisi la amie aƒu kplakplakpla.

6 Tɔsisiwo aʋẽ kũ, Egipte tɔʋuwo nu atso ahamĩe, eye aƒla kple ava ayrɔ.

7 Gbeteƒe, siwo le Nil to, le Nil ƒe azizã nu kple nudodowo katã aƒu kplakplakpla, woaɖo ƒuƒu ɖe wo, eye wòmaganɔ anyi o.

8 Tɔƒodelawo le nu xam, amesiwo katã ɖoa ƒu le Nil me la, wole konyi fam, eye nu te amesiwo kplɔa ɖɔ le towo me la ŋu.

9 Ŋukpe lé amesiwo trea anazi kple amesiwo lɔ̃a aklala.

10 Wogbã eƒe agunusɔtiwo, eye agbatedɔwɔlawo katã le nu xam.

11 Bometsilawo ɖeɖe sɔŋ nye Zoan-amegãwo, Farao ƒe adaŋudela nyanuwo; wodo lã woƒe adaŋudede. Aleke miagblɔ na Farao be: Nunyalawo ƒe vi menye, blemafiawo ƒe vi menye?

12 Afika wò nunyalawo le, ne woatoe na wò, eye wòadze si nusi Yehowa Zebaot ɖo ɖe Egipte ŋu?

13 Zoan-amegãwo zu bometsilawo, Nof-amegãwo flu wo ɖokui, amesiwo nye woƒe ƒomeawo ƒe dzogoekpewo na Egipte le nagbanagba kum.

14 Yehowa de ŋuzitsɔame ƒe gbɔgbɔ wo me, ne woaflu Egipte le eƒe nuwɔwowo katã me, abe alesi ahamula nɔa ya mum le eƒe xeɖeɖe me ene.

15 Ale nuwɔwɔa ɖeke mele Egipte, si ta kple asike, deʋaya kple keti nayi wɔwɔ ge o.


Egipte le ɖekawɔwɔ kple Asur kpakple Israel nena gbedodoɖa na Mawu vava.

16 Ɣemaɣi la Egiptetɔwo anɔ abe nyɔnuwo ene, ŋɔ adzi wo, eye woadzo nyanyanya le Yehowa Zebaot ƒe asi, si wònyẽ ɖe wo ŋu la ŋuti.

17 Yuda-nyigba azu ŋɔdzi na Egipte, eye ne woyɔ eŋkɔ le egbɔ la, adzo nyanyanya le Yehowa ƒe ta me, si wòɖo ɖe eŋu la ta.

18 Le ɣemaɣi la du atɔ̃ anɔ Egipte-nyigba dzi, siwo agblɔ Kanaan-gbe, woaka atam na Yehowa Zebaot, eye woayɔ wo dometɔ ɖeka be dzɔdzɔenyenyedu.

19 Ɣemaɣi la vɔsamlekpui anɔ Egipte-nyigba titina na Yehowa, eye dzesikpe anɔ eƒe liƒo dzi na Yehowa,

20 si anye dzesi kple ɖaseɖiɖi na Yehowa Zebaot le Egipte-nyigba dzi, eye ne wodo ɣli na Yehowa le woƒe ketɔ, wo ta la, aɖo xɔnametɔ ɖe wo, amesi awɔ aʋa aɖe wo.

21 Yehowa aɖe eɖokui afia Egiptetɔwo, eye Egiptetɔwo adze si Yehowa ɣemaɣi, woatsɔ akpedavɔsa kple nuɖuvɔsa asubɔe, woaɖe adzɔgbe na Yehowa, eye woawɔ edzi.

22 Yehowa aƒo Egiptetɔwo, eye wòagahaya wo; elabena ne wòtrɔ ɖe eŋu la, ase woƒe kukuɖeɖe, eye wòahaya wo.

23 Ɣemaɣi la mɔ tata atso Egipte ayi Asur; Asur ava Egipte, eye Egipte ayi Asur, eye Egipte kple Asur siaa woasubɔe.

24 Ɣemaɣi la Israel anye etɔ̃lia akpe ɖe Egipte kple Asur ŋu ahanye yayra anɔ anyigba titina,

25 eye Yehowa Zebaot ayrae agblɔ bena: Woayra wò, nye dukɔ Egipte kple nye asinudɔwɔwɔ Asur kpakple nye do menyinu Israel!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan