Yesaya 18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Ame yibɔwo denyigba tsɔ bubu na Mawu. 1 Baba na anyigba, si le aʋala ƒom kpakpakpa le Kus ƒe tɔsisiwo ƒe go keme, 2 anyigba, si dɔ amewo ɖo ɖe atsiaƒu dzi, eye wole aƒlaʋuwo me to tɔwo dzi! Mi dɔla ɖablɛwo, miyi dukɔ, si dzɔ atsu ƒlalu, eye eŋu zrɔ̃ dredredre la gbɔ, dukɔ, si wovɔ̃na dea didiƒe ke, dukɔ, si klitsu, eye wònyãa avuzi le ame dzi, dukɔ, si ƒe anyigba me tɔsisiwo to yi. 3 Mi xexea me nɔlawo katã kple anyigbadzitɔwo, ne wotu aflaga ɖe towo dzi la, miakpɔe, eye ne woku kpẽ la, miasee! 4 Elabena ale Yehowa gblɔ nam enye si: Manɔ nɔnyeƒe kpoo anɔ ekpɔm, ne ŋdɔkutsu le vevem heliheli, ne alilikpowo le zãmu dzam le nuŋeɣi ƒe dzoxɔxɔ me. 5 Elabena hafi nuŋeɣi naɖo, ne seƒoƒowo nu yi, eye weintsetse gbogbowo zu ɖiɖiawo la, atsɔ hɛ gobɛ alã kaawo, aɖi aba wo ɖa, eye woaŋe wo. 6 Woagblẽ wo katã ɖi na to dzi xe ƒonuwo kple anyigba dzi lãwo; xe ƒonuwo anɔ wo dzi le dzomeŋɔli, eye anyigba dzi lãwo katã anɔ wo dzi le vuvɔŋɔli. 7 Ɣemaɣi la dukɔ, si dza atsu ƒlalu, eye eŋu zrɔ̃ dredredre, dukɔ, si wovɔ̃na le dea didiƒe ke, dukɔ, si klitsu, eye wònyãa avuzi le ame dzi, dukɔ, si ƒe anyigba me tɔsisiwo to yi la, ahe nunanawo vɛ na Yehowa Zebaot, ayi Yehowa Zebaot ƒe ŋkɔ ƒe nɔƒe, ayi Zion-to la gbɔ. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana