Yesaya 17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nyagblɔɖi le Damasko ŋuti. 1 Nya ɖe Damasko ŋu: Kpɔ ɖa, woaɖe Damasko ɖa maganye du azɔ o, eye wòatrɔ zu anyiglãgo. 2 Woagblẽ Aroer ƒe duwo ɖi woazu lãhawo to, woatsyɔ akɔ anyi ɖe afima, eye amea ɖeke maɖo voɖi na wo o. 3 Efrayim ƒe mɔ̃ kple Damasko ƒe fiaɖuƒe nu ayi, eye Aram ƒe ame susɔeawo ƒe ŋusẽ anɔ abe Israel-viwo tɔ ene, Yehowa Zebaot ye gblɔe! 4 Ava me le ɣemaɣi be, Yakob ƒe ŋusẽ ado agblɔ, eye ami ano le eƒe lã me. 5 Anɔ abe alesi nuŋela léa ahɔ̃liti, eye eƒe asi ŋea bliwo ene, eye anɔ abe alesi wofaa bli dzɔdzɔe le Refaim-bali me ene. 6 Kutsetse akpɔtɔ ɖe edzi hena nu dzɔdzɔe fɔlawo, abe alesi wogbea amitii ene, kutsetse eve alo etɔ̃ tsia eƒe ɖɔ mee, wo ame ene alo atɔ̃ nɔa ati tseku la ƒe alɔwo me, Yehowa Israel ƒe Mawu la gblɔe. 7 Le ɣemaɣi la amegbetɔ atrɔ kɔ ɖe ewɔla ŋu, eye eƒe ŋkuwò akpɔ Israel ƒe kɔkɔetɔ la dzi ɖa; 8 eye matrɔ kɔ ɖe vɔsamlekpui, siwo nye eƒe asinudɔwɔwɔwo la ŋu o, eye maɖe ŋku ɖe Asera kple ɣelegba, siwo eya ŋutɔ ƒe asi wo la o. 9 Ɣemaɣi la woƒe du sesẽwo azu gbegbe, abe Xiwitɔwo kple Amoritɔwo ƒe aƒedo, siwo wogblẽ ɖi hesi le Israel-viwo nu la ene. 10 Elabena èŋlɔ wò xɔxɔ ƒe Mawu la be, eye meɖo ŋu wò sitsoƒe ƒe agakpe la o; eyata nede agble nyowo, eye nèdo du bubu me tɔwo ƒe weinka ɖe wo me. 11 Gbesigbe nedoe la, ètɔ kpɔ ɖe eŋu, eye esi ŋu ke la, èna wò nukuawo ƒo se, ke nuŋeɣi la ʋu ya le takpegbe kple veve heliheli segbe. Nyagblɔɖi le Israel ŋuti. 12 Alele, dukɔ geɖewo ƒe gbeɖeɖe, wole gbe ɖem abe atsiaƒu ƒe gbeɖeɖe ene! Dukɔwo ƒe ho wɔwɔ, wole ho wɔm abe tsi sesẽwo ƒe howɔwɔ ene! 13 Dukɔwo le ho wɔm abe tsi geɖewo ƒe howɔwɔ ene, ke eblu ɖe wo ta, eye wòsi yi adzogedzogee, woɖe wo ɖe nu abe gbe ƒuƒu le ya nu le towo dzi kple yali le ahom nu ene. 14 Ŋɔdzi li le fiẽnyi, eye hafi ŋu nava ke la, womegali o. Esia nye amesiwo da adzo mi la ƒe gome kple mia halawo ƒe dzidzenu. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana