Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nyagblɔɖi le Moab ŋuti dziyiyi.

1 Miɖo anyigbadziɖula ƒe alẽviwo ɖa tso Sela to gbegbe ɖe Zion-nyɔnuvi ƒe to la gbɔ!

2 Moab-nyɔnuviwo anɔ abe xevi, si wonyã le atɔ me wòsi ene le Arnon ƒe tɔtsoƒe.

3 De adaŋu, drɔ̃ ʋɔnu, na wò vɔvɔli nanɔ abe zã ene le ŋdɔkutsu dzatsɛ! Yia amesiwo wonyã de gbe, eye megaɖe ame sisiwo gɔme ɖe go o!

4 Na Moab ƒe amesiwo wonyã de gbe la, nanɔ gbɔwò, eye nanye sitsoƒe na wo tso nugblẽla si me, vaseɖe esime ŋutasesẽ nu natso, tsɔtsrɔ̃ nawu enu, eye amefanyala nate ɖa le anyigba dzi!

5 Eye woatsɔ amenuveve ali ke fiazikpuia ɖe, eye ʋɔnudrɔ̃laa ɖe anɔ edzi le Dawid ƒe agbadɔ me ɖikaa, amesi dia nya dzɔdzɔe yome, eye wòsea dzɔdzɔenyenye me.

6 Míese Moab ƒe dàda, alesi wòle asi tɔm akɔe vevie, eƒe dàda, eƒe dziku kple eƒe nu kpoloe ƒoƒo ɖe ya me.

7 Eyata Moab afa avi ɖe Moab ŋu, eye wo katã woawu avi; miafa konyi ɖe Kir-Xareset ƒe weintsetse ŋu, eye nu ate mia ŋu.

8 Elabena Xesbon-gblewo yrɔ, Sibma ƒe weinka, si ƒe tsetse nyuitɔwo ƒo dukɔwo ƒe amegãwo ƒu anyi, eye wode Yaezer ke heva bu ɖe gbegbe, eƒe alɔwo vu gbɔ atsiaƒu la!

9 Eyata mala avi, abe alesi Yaezer le avi fam ɖe Sibma ƒe weinka ŋu ene, Xesbon kple Eleale, mafa nye adatsi ɖe mía dzi, le esi aʋaɣli dze miaƒe kutsetsegbeɣi kple nuŋeɣi me la ŋuti.

10 Dzidzɔ kple vivisese nu tso le abɔwo me, eye womegale aseye tsom le dzidzɔ kpɔm le weingblewo me o; womegafiãa wein le weinfiãnu me o, eye metsi dzidzɔɣli nu.

11 Eyata nye dɔkavi le gbe ɖem ɖe Moab ŋu abe ka-saŋku ene kple nye dɔme ɖe Kir-Xeres ŋu.

12 Eye wòava me, ne Moab do ɖe nuxeƒe hele dagbadagbam, eye wòva eƒe kɔkɔeƒe, ne wòado gbe ɖa la, mate ŋui o.

13 Esia nye nya, si Yehowa gblɔ ɖe Moab ŋu tsã.

14 Azɔ ta Yehowa gblɔ be: Le ƒe etɔ̃ me tu-tutu abe agbatedɔwɔla ƒe ƒe ene la, maɖi gbɔ Moab ƒe ŋusẽ hekpe ɖe eƒe ameha gbogboawo ŋu, eye susɔea anɔ ʋee, manɔ nemi me hã o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan