Yesaya 15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nyagblɔɖi le Moab ŋuti. 1 Nya ɖe Moab ŋu. Vavãe, woaha Ar-Moab le zã, eye woatsrɔe! Vavãe, woaha Kir-Moab le zã, eye woatsrɔe! 2 Dibon-nyɔnuvi yi nuxe ƒe avi fa ge, Moab le konyi fam le Neho kple Medeba ta me, wo katã wolũ ta kokoe, eye wolũ gewo katã. 3 Wosa akpanya ɖe ali le eƒe kpɔdomewo, amesiame le konyi fam le eƒe xɔtawo kple ablɔwo me, eye aɖatsi le dodom yoyoyo. 4 Xesbon kple Eleale le boboe dom, eye wose woƒe ɣli le Yahaz ke. Eyata Moab ƒe aʋawɔlawo ɖo ɣli, eye eƒe luʋɔ dzo kpekpekpe. 5 Nye dzi le nu xam ɖe Moab ŋu, eya, si ƒe amewo si de Zoar kple Eglat etɔ̃lia ke; elabena wole avi fam le Luxit-to dzi mɔ la dzi; elabena konyifaɣli le ɖiɖim le wo ŋu le Xoronayim-mɔta. 6 Elabena Nimrim ƒe tsiwo azu tagba, gbe aƒu, gbe fe aku, eye aŋgba manɔ anyi o. 7 Eyata woatso woƒe kesinɔnu, siwo woƒo ƒu, kple nusiwo wodzra ɖo la, ato amutitɔʋu la dzi ayi. 8 Elabena konyifaɣli kpe Moab ƒe liƒo ɖo, eƒe avifafa de Eglayim ke, eƒe avifafa de Beer-Elim ke! 9 Elabena ʋu yɔ Dimon ƒe towo me fũ; elabena magahe dzɔgbevɔ̃e ava Dimon dzi, eye makplɔ dzata ade Moab ƒe ame sisiwo kple amesiwo kpɔtɔ ɖe anyigba la dzi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana