Yesaya 14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Israel ɖeɖe. Dziɖuhadzidzi le Babel-fia ƒe anyidzedze ŋuti. 1 Elabena Yehowa ave Yakob nu, eye wòagatia Israel ahakplɔ wo aɖo woƒe anyigba dzi, du bubu me tɔwo akpe ɖe wo ŋu, eye woaku ɖe Yakob ƒe aƒe la ŋu. 2 Woakplɔ dukɔwo ayi wo teƒee, eye woazu Israel ƒe aƒe la tɔ anye dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo le Yehowa ƒe anyigba la dzi; ale woalé amesiwo ɖe aboyo wo la, eye woaɖu amegã ɖe woƒe ŋutasẽlawo dzi. 3 Eye ava me le gbesigbe Yehowa ana gbɔdzɔe wò tso wò fuɖeɖewo kple hiãkakawo kpakple dɔ sesẽ, siwo wotsɔ do kluvi wò me la, 4 be ado hamelo sia ɖa ɖe Babel-fia ŋu agblɔ bena: Funyafunyawɔwɔ nu tso, eye ŋutasesẽ wu enu! 5 Yehowa ŋe ame vɔ̃ɖiwo ƒe ati, dziɖulawo ƒe atikplɔ, 6 si ƒo dukɔwo le dziku me atraɖi, si te anyigba dzi dukɔwo ɖe anyi le dɔmedzoe me heti wo yome madzudzɔmadzudzɔe la. 7 Anyigba blibo la gbɔ ɖe eme bɔkɔɔ, wode asi aseyetsotso me. 8 Sesewuwo kple Libanon ƒe sedertiwo le dzidzɔ kpɔm ɖe ŋuwò be. Esime nèmlɔ anyi kpaa la, mia lãlawo megaho ɖe mia ŋu kpɔ o. 9 Tsieƒe le to me ʋi dzo nyanyanya le ŋkuwò me, le esi neva do goe la ta; enyɔ ŋɔli, siwo nye anyigba dzi ŋusẽtɔwo katã le ŋkuwò me, ena dukɔwo ƒe fiawo katã tso le woƒe fiazikpuiwo dzi. 10 Wo katã wòxɔ dzi gblɔ na wò bena: „Wò ha egbɔdzɔ abe míawo ke ene, ezu abe miawo ene. 11 Wò atsyɔ̃ kple wò saŋkuwo ƒe ɖiɖi yi tsieƒe, wotsɔ nyẽwo ɖo aba na wò, eye ŋɔwo tsyɔ dziwò. 12 Wò ŋukeɣletivi, agudzevi, ale nège tso dziƒo enye si! Wò, amesi te dukɔwo ɖe anyi, woƒo wò ƒu anyigba! 13 Egblɔ le wò dzi me be: Malia dziƒo, mali nye fiazikpui ɖe Mawu ƒe ɣletiviwo ta me, eye mabɔbɔ nɔ takpeto la dzi le anyiehe kekeake; 14 malia alilikpowo ta me, eye mia kple dziƒoʋĩtɔ la mianɔ tasɔsɔ me. 15 Ke woatutu wò aƒu tsieƒe, ɖe aʋli doblukɔ tsiɖitsiɖi la me. 16 Amesiwo kpɔ wò la, aɖe ŋku ɖe wò, agaɖe ŋku ɖe wò ʋuu agblɔ bena: Ŋutsu, si na anyigba dzo nyanyanya, eye wòʋuʋu fiaɖuƒewo la, nye esia? 17 Amesi wɔ xexeame wòzu gbegbe, gbã eƒe duwo ƒu anyi, eye mede asi le eƒe aboyomewo ŋu ɖo de aƒe o la, nye esia? 18 Anyigba dzi dukɔwo ƒe fiawo katã la, wo katã wòmia anyi le bubu me, wo dometɔ ɖesiaɖe ɖe eƒe ɖiƒe. 19 Ke wotsɔ wò ya ƒu gbe tso wò yɔdo gbɔ, abe atilɔ, si wotsɔ ƒu gbe, kple lã kuku, si wofanya kple afɔ la ene, eye ame tsiaʋa, siwo woda yii, eye woyi agu me kpewo gbɔ la, tsyɔ dziwò. 20 Masɔ kple woamawo le yɔ me o; elabena ègblẽ wò anyigba, eye nèwu wò dukɔ. Womayɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe viwo ŋkɔ akpɔ o tegbee. 21 Midzra wuƒe ɖo hena viawo le wo fofowo ƒe vodada ta. Womegatso, ne woaxɔ anyigba la, eye woatsɔ anyiglãgowo ayɔ xexeame o. 22 Eyata Yehowa Zebaot be: Matso ɖe wo ŋu, Yehowa Zebaot be: Matsrɔ̃ ŋkɔ kple ame susɔeawo, viwo kple dzidzimeviwo ɖa le Babel ŋu. 23 Yehowa Zebaot be: Matsɔe awɔ hlɔ̃madewo nɔƒe kple simee, eye matsɔ tsɔtsrɔ̃ ƒe abaya akplɔe. Filistitɔwo kple Asiriatɔwo ƒe gbegblẽ. 24 Yehowa Zebaot ka atam be: Alesi mebu ɖe ta me la, nenema wòanɔ, eye alesi meɖo la, nenema woava mee 25 Magbã Asur le nye anyigba dzi, eye mafanyae kple afɔ ɖe nye towo dzi, eƒe kɔkuti aɖe ɖa le wo ŋu, eye eƒe agba adzo ɖa le woƒe kɔʋu me. 26 Esia nye ta me, si woɖo ɖe anyigba blibo la ŋu, eye esia nye alɔ, si wodo ɖe dzi ɖe dukɔwo katã ŋu. 27 Elabena ne Yehowa Zebaot ɖo nu ɖe ta me la, ameka agble eme, eye ne edo eƒe alɔ ɖe dzi la, ameka agbugbɔe? 28 Gbe, siwo va le ƒe, si me fia Axaz ku la, wonye esi: 29 Filisti-nyigba blibo la, meganɔ dzidzɔ kpɔm le esi ati, si ƒo wò la ŋe ta o! Elabena ƒli ado tso da ƒe ke me, eye eƒe kutsetse anye da toaʋala. 30 Ame dahewo ƒe ame dahewo aɖu nu, eye hiãtɔwo anɔ anyi bɔkɔɔ, ke matsɔ dɔwuame awu wò ke, eye matsrɔ̃ wò ame susɔeawo. 31 Agbo, fa avi; du, do ɣli: Filisti-nyigba blibo la, lolo gbanaa! Elabena dzudzɔ tso anyiehe gbɔna, eye amea ɖeke metsi megbe le eƒe aʋawɔlawo dome o. 32 Eye aleke woahaɖo eŋu na dukɔwo ƒe ame dɔdɔwo ma? Yehowa tso Zion, eye eyae eƒe dukɔ ƒe hiãtɔwo asi atso. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana