Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Amesiwo woɖe la, dzi kafukafuha.

1 Ɣemaɣi la àgblɔ bena: Mekafu wò, Yehowa, elabena edo dɔmedzoe ɖe ŋunye, ke wò dɔmedzoe nu fa, eye nève nunye.

2 Kpɔ ɖa, Mawu enye nye xɔname, dzi le ƒonye, nyemavɔ̃ o; elabena nye ŋusẽ kple nye hadzidzi enye Yehowa, ẽ, Yehowa, eye eya zu nye xɔname!

3 Eye miadu tsi le xɔname ƒe vudowo me kple dzidzɔ

4 ahagblɔ le ɣemaɣi be: Mikafu Yehowa, miyɔ eƒe ŋkɔ, miɖe eƒe nuwɔwɔwo fia le dukɔwo dome, miɖe gbe ƒãe be, eƒe ŋkɔ de dzi.

5 Midzi ha na Yehowa, elabena ewɔ nu klitsuwo; woanya esia le anyigba blibo la dzi.

6 Zion-nɔla, kpɔ dzidzɔ, eye natso aseye, elabena Israel ƒe kɔkɔetɔ la tri akɔ le dowò me.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan