Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mesia kple eƒe ŋutifafa fiaɖuƒe.

1 Eye atilɔ amie tso Isai ƒe atitakpo me, eye dzedze atso eƒe ke me atse ku.

2 Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ, si nye nunya kple gɔmesese ƒe gbɔgbɔ, adaŋu dede kple ŋusẽ ƒe gbɔgbɔ, sidzedze kple Yehowa vovo ƒe gbɔgbɔ la, anɔ edzi.

3 Yehowa vɔvɔ̃ ƒe nu anyo eŋu, madrɔ̃ ʋɔnu ɖe nusi eƒe ŋku le kpɔkpɔm la nu o, eye matso afia ɖe nusi eƒe to le sesem la nu o.

4 Adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔenyenye me, eye woatso afia na anyigba dzi hiãtɔwo ɖe eteƒe; atsɔ eƒe nu me likplɔ aƒo ŋutasẽla la, eye woatso eƒe nu me gbɔgbɔ awu ame vɔ̃ɖi lae.

5 Dzɔdzɔenyenye anye alidziblanu le eƒe ali, eye nyateƒe anye alidziblanu le eƒe aklito.

6 Amegãxi ana alẽvi gbɔ, lãkle atsyɔ akɔ ɖe gbɔ̃vi gbɔ, nyivi, dzata kple nyi dami woana wo nɔewo gbɔ, eye ŋutsuvi suea ɖe akplɔ wo.

7 Nyinɔ kple sisiblisinɔ woaɖu gbe, eye wo viwo atsyɔ akɔ ɖe afi ɖeka. Dzata aɖu gbe abe nyi ene.

8 Ɖevi nono ate le ƒli ƒe do nu, eye ɖevi, si ɖi no la, aƒo asi ɖe dakpui ƒe do me.

9 Womawɔ vɔ̃a ɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o, elabena sidzedze Yehowa xa anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.


Dukɔ kaka ta ƒe ɖeɖe.

10 Eye woava me le ɣemaɣi be, dukɔwo adi Isai ƒe ke, si nye aflaga li na anyigba dzi dukɔwo la yome, eye eƒe gbɔɖemeƒe anye atsyɔ̃.

11 Eye woava me le ɣemaɣi be, Aƒetɔ la ado eƒe asi ɖa zi evelia, ne wòaxɔ eƒe dukɔ mamlea, si kpɔtɔ ɖi la, aƒle tso Asur, Egipte, Patros, Kus, Elam, Sinear, Xamat kple atsiaƒu me ƒukpowo dzi.

12 Akɔ aflaga dzi na dukɔwo, eye wòaƒo Israel ƒe amesiwo woava de gbe kple Yuda-nyɔnu, siwo wokaka hlẽ la nu ƒu tso anyigba ƒe go eneawo dzi.

13 Efrayim ƒe ŋuʋaʋã nu atso, eye woatsrɔ̃ Yuda ƒe ketɔwo. Efrayim mana ŋu Yuda o, eye Yuda maxaxa Efrayim ɖo o.

14 Woadzo ɖe abɔta na Filistitowo le ƒu gome, eye woaƒo ƒu aɖaha ɣedzeƒeviwo, woake asi ɖe Edom kple Moab ŋu, eye Amon-viwo aɖo to wo.

15 Yehowa ana Egipte-ƒu la ƒe ado namie, eye anyẽ eƒe asi ɖe tɔsisi la dzi le eƒe ya sesẽ me, eye wòamãe ɖe tonu adre me, ale be woano atokota me atsoe.

16 Eye wòanye ma tata na eƒe dukɔ ƒe ame mamlea, siwo akpɔtɔ tso Asur, abe alesi wònɔ na Israel, esime wòʋu tso Egipte-nyigba dzi la ene.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan