Yesaya 10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Tohehe nu ʋɔnudrɔ̃la madzɔmadzɔwo. 1 Baba na amesiwo tsɔ ɖoɖo gbegblẽwo wɔ see, kple agbalẽŋlɔla, siwo le ameteteɖanyi ŋlɔm ɖi, 2 ne woate ame dahewo ƒe nya ɖe to, eye woada adzo nya dzɔdzɔe le nye dukɔ ƒe hiãtɔwo si, ne ahosiwo nazu woƒe aboyonu, eye woaha tsyɔ̃eviwo! 3 Nuka miawɔ le gbesigbe wotu eŋu fe, eye gbegblẽ tso adzɔge va? Ameka miasi atso, eye afika miagblẽ miaƒe kesinɔnuwo ɖo? 4 Ke boŋ ame labɔbɔ ɖe gatɔwo dome, eye wòadze anyi ɖe ame tsiaʋawo dome. Ke to esiawo katã gbɔ hã la eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko! Asur ƒe dàda kple bɔbɔɖanyi. 5 Baba na Asur, nye dɔmedzoe ƒe ameƒoti wònye, eye nye dziku ƒe ati le esi me. 6 Medɔe ɖe dukɔ vɔ̃ɖi la ŋu, eye meɖe gbe nɛ ɖe nye dɔmedzoe ƒe dukɔ la ŋu, ne wòaɖe aboyo, wòaha nu, eye wòafanyae abe ba le kpɔdome ene. 7 Ke eya mesusu alea o, eye mebu ɖe dzi me alea o, ke boŋ eɖo ɖe ta be, yeagblẽ nu, eye yeatsrɔ̃ dukɔ geɖewo. 8 Elabena egblɔ be: Ɖe nye amegãwo katã menye fiawo oa? 9 Ɖe meva me na Kalno abe Karkemis ene, Xamat abe Arpad ene, Samaria abe Damasko ene oa? 10 Alesi nye asi tu fiaɖuƒe siawo kple woƒe legba, siwo nyo wu Yerusalem kple Samaria tɔwoe la, 11 ɖe nyemawɔ Yerusalem kple eƒe legbawo, abe alesi mewo Samaria kple eƒe legbawo ene oa? 12 Eye ava me, ne Aƒetɔ la awu eƒe dɔwo katã nu ɖe Zion-to la kple Yerusalem ŋu vɔ la, atu Asur-fia ƒe dada ƒe kutsetse kpakple eƒe dadaŋku ƒe adegbeƒoƒo ŋu fe nɛ. 13 Elabena egblɔ be: Nye asi ƒe ŋusẽ kple nye nunya metsɔ wɔe, elabena mese nu gɔme, meɖe dukɔwo ƒe liƒowo ɖa, eye metutu fiazikpui dzi nɔlawo ƒu anyi abe ŋusẽtɔ ene; 14 nye asi tu dukɔwo ƒe kesinɔnuwo abe xevitɔ ene, abe alesi wolɔa azi, siwo dzi xeviwo dzo le lae la, nenema mele anyigba blibo lae, eye amea ɖeke meƒo aʋala alo ke dɔ heyi xɔxlɔ̃ ge o. 15 Ɖe fía aƒo adegbe ɖe amesi tsɔe le nu lãmee la ŋua? Alo ɖe laxalaxa atɔ asi akɔ ɖe amesi le ehem la ŋua? Ɖe ati anye amesi fɔe ɖe dzi la ɖa? Eye ɖe atizɔti akɔ nusi menye ati o la dzia? 16 Eyata Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, aɖo kpexlẽ ɖe eƒe ame damiwo dome, eye eƒe aʋakɔ abi, abe alesi dzo binae ene. 17 Israel ƒe kekeli azu dzo, eye eƒe kɔkɔetɔ la azu dzoƒaɖe ahabi eƒe aŋɔkawo kple ŋuwo le ŋkeke ɖeka dzi, eye wòafiã wo; 18 agblẽ eƒe ave kple atibɔwo tso tu me vaseɖe tsrokpa dzi, eye wo nu ayi abe dɔnɔ ene; 19 woate ŋu axlẽ eƒe avemeti susɔeawo, eye ɖevi ɖeka ade wo agbalẽ me. Israeltɔ susɔeawo ƒe dzimetɔtrɔ. 20 Eye wòava me le ɣemaɣi be, Israel ƒe ame susɔeawo kple Yakob ƒe aƒe ƒe ame sisiwo magaɖo dzi ɖe amesi ƒo wo la ŋu azɔ o, ke boŋ woaɖo dzi ɖe Yehowa, Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu le nyateƒe me. 21 Ame susɔeawo atrɔ. Yakob ƒe ame susɔeawo atrɔ ɖe Mawu ŋusẽtɔ la ŋu. 22 Elabena Israel, ne wò dukɔ le abe ƒutake ene hã la, ame mamleawo koe atrɔ ta me. Woɖo gbegblẽ, eye dzɔdzɔenyenye gbagba ɖi! 23 Elabena Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, ahe tsɔtsrɔ̃, si wòɖo kplikpaa la, ava anyigba blibo la dzi. 24 Eyata ale Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, gblɔ esi: Nye dukɔ, si le Zion, megavɔ̃ Asur, si tso ati, be yeaƒo woe, eye, wòka atizɔti dzi ɖe ŋuwò abe Egipte ene la o! 25 Elabena ekpɔtɔ vie ko dziku la nu natso, eye nye dɔmedzoe natrɔ ɖe wo ŋu, ne woatsrɔ̃ wo. 26 Yehowa Zebaot aɖe atam ɖe wo dzi, abe alesi wòƒo Midian le Oreb-kpe la gbɔ ene, eye eƒe atìkplɔ anɔ atsiaƒu dzi, abe alesi wòdoe ɖe dzi ɖe Egipte ŋu ene. 27 Eye ava me le ɣemaɣi be, eƒe agba aɖe le wò abɔta kple eƒe kɔkuti le wò ko, eye kɔkuti la aŋe le amidada ta. 28 Eva dze Ayat dzi, eto Migron, eye wòva gblẽ eƒe nuwo ɖe Mixmas. 29 Woto to dome mo, eye wotsi Geba dɔ. Rama dzo nyanyanya, Saul ƒe Gibea de afɔ du me! 30 Galim-nyɔnuvi ɖo boboe; Laisa ƒu to anyi; nublanuitɔ enye Anatot! 31 Madmena si, Gebim-tɔwo ɖe ato du me! 32 Egbea ke wòadze aʋa ɖe Nob, eye wòanye eƒe asi ɖe Zion-nyɔnuvi ƒe to, Yerusalem ƒe togbe la ŋu. 33 Kpo ɖa, Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, atsɔ ŋɔdzidodo alã atilɔwo, atso esiwo de dzi bobobo, eye kɔkɔtɔwo amũ; 34 woatso lãnu aƒo ave dodowo, eye ŋusẽtɔ la amũ Libanon aƒu anyi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana