Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Israel le nuvɔ̃ kple tohehe.

1 Esia nye ŋutega, si Yesaya, Amoz vi la, kpo le Yuda kple Yerusalem ŋu le Yuda-fiawo Uziya, Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli.

2 Mi dziƒowo, misee, eye anyigba, ƒu to anyi; elabena Yehowa le nu ƒom bena: Menyi viwo wotsi, eye medo wo ɖe dzi, ke wodze aglã ɖe ŋunye.

3 Nyitsu nyaa etoa, eye tedzi nyaa eƒe aƒetɔ ƒe lãto; ke Israel menyae o, eye nye dukɔ melé ŋku ɖe eŋu o.

4 Baba na mi anyigba dzi nɔlawo, dukɔ, si dzi fɔɖiɖi li kɔ ɖo, vodalawo ƒe viwo, vi gbegblẽ wo! Wogblẽ Yehowa ɖi, wodo ɖiŋu na Israel ƒe kɔkɔeto la, eye wogbugbɔ ɖe megbe.

5 Nukaŋuti woanɔ mia ƒoƒo dzi, esi miele godzedze dzi ɖaa? Ta blibo la xɔ abi, eye nu te dzi blibo la ŋu belibeli.

6 Teƒe nyuia ɖeke mele eŋu o, tso afɔƒo me vaseɖe dzodome: abi kple dodro kpakple ƒoƒo yeye; womeyɔ tsi le eme o, womeblae o, eye womeɖe ami ɖee wobɔbɔ o.

7 Miaƒe anyigba zu gbegbe; dzo fiã miaƒe duwo, eye du bubu me tɔwo ɖu miaƒe agble le mia ŋku me, eye wòzu gbegbe, abe alesi wogblẽ Sodom ene.

8 Eye Zion-nyɔnuvi tsi anyi abe agbadɔ le weingble me, abe miaƒe le adzamatregble me kple du, si woɖe to ɖo la ene.

9 Ɖe menye Yehowa Zebaot ye kpɔtɔ ame ʋeea ɖewo ɖi na mí o la, anye ne esuso vie ko miele abe Sodom ene, eye míeɖi Gomora!


Biabia tso Israel bena, wòatrɔ dzi me, eye megasubɔ Mawu le gota ɖeɖeko o.

10 Mi Sodom-amegãwo, mise Yehowa ƒe nya, mi Gomora-dukɔ, miƒu to anyi ɖe mía Mawu ƒe nufiame ŋu!

11 Yehowa be, Nuka miaƒe akpedavɔsa gbogboawo awɔ nam? Agbowo ƒe numevɔsa kple nyivi damiwo ƒe ami ti kɔ nam, eye nyiwo, alẽviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu medzea ŋunye o.

12 Ne mieva, be yewoado ɖe ŋkunye me la, amekae bia esia tso mia si be, mianɔ afɔ ƒom nye xɔxɔnuwo?

13 Migasa nuɖuvɔ alakpatɔ azɔ o, dzudzɔdonu nyɔŋu wònye nam. Dzinu yeyewo, dzudzɔgbewo kple gbeƒẽɖeɖe takpegbewo la, nyemate ŋu ado dzi atsɔ alakpa kple takpekpewo o!

14 Melé fu miaƒe dzinu yeyewo kple miaƒe ŋkekenyuiewo, wòzu agba nam, eye wo tsɔtsɔ glom.

15 Ne mieke miaƒe abɔwo la, matsyɔ nu ŋku me ɖe mi, eye ne mieli kɔ gbedodoɖa gleglegle hã la, nyemasee o, elabena ʋu yɔ asi me na mi!

16 Mile tsi, miklɔ mia ɖokui ŋu! Miɖe miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo ɖa le ŋkunye me, eye midzudzɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ!

17 Misrɔ̃ nu nyui wɔwɔ, miti nya dzɔdzɔe yome, mixɔ na amesi wote ɖe anyi, midrɔ̃ ʋɔnu na tsyɔ̃eviwo, eye mihe nya na ahosiwo!


Ŋugbedodo kple ŋɔdzidodo.

18 Yehowa be: Miva mídrɔ̃ nɔ nu! Ne miaƒe nuvɔ̃wo le abe nyagadzĩ ene la, woafu abe sno ene, eye ne wòbiã abe aɖabɛ ene la, woazu abe alẽfu ene.

19 Ne mielɔ̃, eye mieɖo to la, ekema miaɖu anyigba ƒe nu nyuitɔ.

20 Ke ne miegbe, eye miesẽ to la, yi aɖu mi, elabena Yehowa ƒe nue gblɔe.

21 Aleke du wɔnuteƒe, si me nya dzɔdzɔe no tu la, zu gbolo? Afisi dzɔdzɔenyenye na tsã la, hlɔ̃dolawo li fifia!

22 Wò klosalo zu aŋuka, eye wotso tsi dzro wò wein!

23 Wò amegãwo zu aglãdzelawo kple fiafiwo xɔlɔ̃; wo dome amesiame lɔ̃a zãnunana, eye wotia fetu yome; womedrɔ̃a ʋɔnu na tsyɔ̃eviwo o, eye ahosiwo ƒe nya medea wo gbe o.

24 Eyata Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, Israel ƒe ŋusẽtɔ la ƒe gbe enye si: Alele, mele akɔ fa ge na ɖokuinye ɖe nye ketɔwo ŋu, eye mele hlɔ̃ bia ge ɖe nye futɔwo ŋu.

25 Matrɔ nye asi ɖe ŋuwò, eye malólo wò aŋukawo abe adzalẽɖaɖi wotso wòe ene, eye maɖe wò tsumiwo katã ɖa.

26 Magaɖo ʋɔnudrɔ̃lawo na wò abe tsã ene, kple adaŋudelawo na wò abe le gɔmedzedzea me ene. Esia megbe woayɔ wò be dzɔdzɔenyenye ƒe du, du wɔnuteƒe.

27 Woatso ʋɔnudɔdrɔ̃ aɖe Zion, eye woatsɔ dzɔdzɔenyenye aɖe eƒe amesiwo trɔ ta me la.

28 Woagbã godzelawo kple nuvɔ̃wɔlawo siaa nyanyanya, eye amesiwo trɔ le Yehowa yome la nu ayi.

29 Elabena ŋu akpe mi le logoti, siwo ŋu miekpɔa dzidzɔ le la ŋu, eye miaƒe mo atsi dã le aba, siwo mielɔ̃na la ŋu.

30 Elabena mia ŋutɔwo mianɔ abe logoti, siwo ƒe aŋgba yrɔ, kple abɔ, si tsia ɖeke meli na o la ene.

31 Ame sesẽ la azu ɖetifu, eye eƒe dɔwɔwɔ azu dzoxi; wo kple eve la siaa woabi, eye amea ɖeke mate ŋu atsi wo o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan