Yeremia 9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Konyifafa le dukɔ, si do vlo ele xɔxɔ la ŋuti. 1 Oo, ɖe wònye dzeƒee le asinye le gbegbe la, anye ne magblẽ nye dukɔ ɖi, eye míaʋu tso wo gbɔ! Elabena ahasiwɔla kple ame tovowo ƒe ha wo katã wonye. 2 Yehowa be: Wotsɔa alakpa vua woƒe aɖekawo mee abe dati ene, eye menye nyateƒetotoe nana wokpɔa ŋusẽ le anyigba dzi o. Elabena wohona tsoa vodada gbɔyia vodada gbɔ, ke nye la, womedzea sim o. 3 Amesiame nekpɔ eɖokui dzi nyuie le ehavi ŋu, eye megaɖo ŋu ɖe nɔvia ɖeke ŋu o; elabena nɔvi sia nɔvi enye ayetɔ, eye xɔlɔ̃ sia xɔlɔ̃ enye ame gɔmezɔla. 4 Amesiame flua ehavi, eye wometoa nyateƒe o; wona alakpadada ma woƒe aɖe, eye wokua kutri le nu tovo wɔwɔ me. 5 Yehowa be: Alakpadada le dowòme, eye wogbe sidzedzem le alakpadada ta. 6 Eyata ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Kpɔ ɖa, malólo wo, eye mado wo akpɔ; elabena aleke mawɔ le nye dukɔ ƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ ta? 7 Aŋutrɔ wuame enye woƒe aɖe, eye wodaa alakpa; wotsoa woƒe aɖe gblɔa nya fafɛ na wo havi, ke aye le woƒe dzi me. 8 Yehowa be: Ɖe nyemahe to na wo le esia ta oa, eye ɖe nye luʋɔ mabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbe oa? 9 Maɖafa avi le towo dzi, maxa nu, eye mato konyifaha le gbegbe ƒe lãnyiƒe, elabena wogblẽ ale be amegbetɔa ɖeke megato wo dzi yi o, eye womegase lãhawo ƒe xɔxlɔ̃ o; dziƒoxewo kple lãwo ʋu dzo. 10 Mawɔ Yerusalem woazu anyiglãgo kple amegãxiwo nɔƒe, eye mana Yuda-duwo nazu gbegbe kple aƒedo. 11 Amesi nye ŋutsu nyanu la, nèse esia gɔme, eye amesi Yehowa ƒe nu toa nya na la, eya negblɔ nusi ta wotsrɔ̃ anyigba la, eye wogblẽe wòzu gbegbe, ale be amea ɖeke megatoa edzi yina o la ɖo. 12 Yehowa be: Esi wogblẽ nye se, si metsɔ ɖo wo ŋku me la ɖi, womeɖo to nye gbe o, eye womezɔ ɖe enu o, 13 ke boŋ wodze woƒe dziwo ƒe tamesesẽ kple Baalwo yome, abe alesi wo fofowo fia wo ene la, 14 eyata ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mana atsa dukɔ sia wòaɖu, eye makpe aɖitsi nɛ wòano, 15 eye makaka wo ahlẽ ɖe dukɔ, siwo woawo kple wo fofowo menya o la dome, eye maɖo yi ɖe wo yome, vaseɖe esime matsrɔ̃ wo ava. 16 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Mitsa ŋu, eye miyɔ nyɔnu yɔƒewɔlawo, ne woava, eye miɖo ame ɖe nyɔnu nyanuwo, ne woava, 17 ne woato konyifaha ɖe mía ŋu kaba, be míaƒe ŋkuwo nafa aɖatsi yoyoyo, eye míaƒe aɖabawo naɖuɖu tsi. 18 Elabena wose konyifagbe tso Zion be: Aleke wotsrɔ̃ mí, eye ŋu kpe mí vevie ale? Elabena èle na mí be, míadzo le anyigba dzi, eye wogbã mía nɔƒewo ƒu anyi. 19 Mi nyɔnuwo, mise Yehowa ƒe nya, eye eƒe nu me nya nege ɖe miaƒe towo me; mifia nuxaxa mia vinyɔnuwo, eye nyɔnu sia nyɔnu nefia konyifaha ehavi. 20 Elabena ku to míaƒe fesre nu ge ɖe eme, ege ɖe miaƒe fiasãwo me, ne woatsrɔ̃ ɖeviwo le kpɔdomee kple ɖekakpuiwo le abla me. 21 Ƒo nu: Yehowa ƒe gbe enye si: Amegbetɔwo ƒe kukuwo ana anyi abe gbeɖuɖɔ le agble me ene, eye abe lubabla le nuŋelawo megbe, siwo amea ɖeke meli aƒo wo nu ƒu o la ene. 22 Ale Yehowa gblɔ esi; Nunyala megaƒo adegbe le eƒe nunya ŋu o, ŋusẽtɔ megaƒo adegbe le eƒe ŋusẽ ŋu o, eye kesinɔtɔ megaƒo adegbe le eƒe kesinɔnu ŋu o; 23 ke boŋ amesi ke be, yeaƒo adegbe la, neƒo adegbe be, enya nu, eye wòdze sim be, nyee nye Yehowa, amesi si me amenuveve, ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye le le anyigba dzi, elabena nusiawoe nyoa ŋunye, Yehowa ye gblɔe. 24 Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, esi mahe to na aʋatsotsotɔwo kple bolotɔwo katã: 25 Na Egipte kple Yuda, na Edom kple Amon-viwo, na Moab kple akotsola, siwo katã le gbegbe. Elabena dukɔwo katã nye bolotɔwo, eye dzi matsomatso li na Israel ƒe aƒe blibo la. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana