Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yeremia 8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Woabɔ ahɔhlɔ̃ dukɔ la, agblẽe, eye woanyãe ɖa te eƒe nuvɔ̃ ŋuti.

1 Yehowa be: Le ɣemaɣila woaho Yuda-fiawo ƒe ƒuwo kple woƒe amegãwo ƒe ƒuwo, woƒe nunɔlawo ƒe ƒuwo, woƒe nyagblɔɖilawo ƒe ƒuwo kpakple Yerusalem-tɔwo ƒe ƒuwo tso woƒe yɔdowo me,

2 ahasia ɖe ɣe kple ɣleti kpakple dziƒo ŋu nuwo nu, nusiwo ƒe nya wolɔ̃, eye wosubɔ, wodze wo yome, wobia nu wo se, eye wode ta agu na wo; womafɔ wo o, eye womatsɔ wo aɖi o, eye woazu gbeɖuɖɔ le anyigba dzi.

3 Yehowa Zebaot be: Ƒome vɔ̃ɖi sia ƒe ame mamlea, siwo katã susɔ ɖe teƒe, siwo katã menyã wo ɖo ɖo la, alɔ̃ ku wu agbe.

4 Eyata ale nagblɔ na wo enye si: Ale Yehowa gblɔ esi: Ɖe wòto anyi womegafɔna oa, alo ɖe wotrɔa megbe womegatrɔa kɔ oa?

5 Nukaŋuti dukɔ sia, si nye Yerusalem, dze go ɖikaa? Woku ɖe alakpadada ŋu, eye wogbe tɔtrɔ.

6 Meƒu to anyi, eye mese be, womelé nu ƒom ɖe eteƒe o; amea ɖeke meli, si eƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ venɛ wògblɔna be: Nuka nye esi mehewɔ hã o! Amesiame lé eƒe ma abe so, si lu ɖe aʋa me ene.

7 Damixe le dziƒo te hã nya eƒe azã, eye akpakpa, sagbadre kple tsalɛ dzea si woƒe gbɔgbɔɣi; ke nye dukɔ menya Yehowa ƒe ɖoɖowo o.

8 Aleke miate ŋu ano gbɔgblɔm be, nunyalawo yewonye, eye Yehowa ƒe se la le yewo si me? Kpɔ ɖa, vavãe agbalẽnyalawo ƒe nuŋlɔnu trae wo aʋatsoe.

9 Ŋu akpe nunyalawo, dzi aɖe le wo ƒo, eye asi atu wo; kpɔ ɖa, Yehowa ƒe nya wogbe, nunya kae hele wo si azɔ ma?

10 Eyata matso wo srɔ̃wo na ame tutɔwo kple woƒe agblewo na wo nyãlawo, elabena ŋuklẽlawo sɔŋ wonye tso ɖeviawo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi, alakpadalawo sɔŋ wonye tso nyagblɔɖilawo dzi vaseɖe nunɔlawo dzi.

11 Wotre nye dukɔ ƒe gbagbãƒe betsebetse hele gbɔgblɔm be: Ŋutifafa, ŋutifafa; evɔ wònye ŋutifafaa ɖeke meli o hafi.

12 Ne ŋukpe lé wo, le esi wowɔ nu nyɔŋu ta hã la, woƒe mo metsia dã o, eye womenyaa nukae nye ŋukpe o. Eyata woatsi ame tsiaʋawo dome, eye wòadze anyi le ɣeyiɣi, si mahe to na wo, Yehowa ye gblɔe.

13 Yehowa be: Maɖe wo ɖa keŋkeŋ, ale be weintsetsea ɖeke manɔ weinka ŋu o, gbotsetsea ɖeke manɔ gboti dzi o, eye aŋgba ayra, eye madɔ amesiwo ava ƒo ɖe wo dzi la, ɖe wo ŋu.

14 Nukaŋuti míegale anyinɔƒe ko? Miƒo takpli, míayi du sesẽwo me, ne míatsrɔ̃ ɖe afima; elabena Yehowa, mía Mawu la, le míaƒe tsɔtsrɔ dim; ekpe aɖitsi na mí mieno, le esi miewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu ta.

15 Miele mɔ kpɔm na ŋutifafa, ke nu nyuia ɖeke meva o; míele mɔ kpɔm na hayahaya, ke ŋɔdzi li.

16 Wose eƒe sɔwo ƒe gbɔgbɔ fuxefuxe tso Dan, eye eƒe sɔtsuwo ƒe xɔxlɔ̃ ƒe ɖiɖi na anyigba blibo la ʋuʋu; wogbɔna, ne woaɖu anyigba kple edzi nuwo, du la kple eme nɔlawo.

17 Yehowa be: Mado dawo kple ƒliwo ɖe mia ŋu, siwo ŋu gbesa meɖina o, eve woaɖu mi.

18 Oo, nukae ana nye dzeme nato le nye nuxaxa me! Nu te nye dzi ŋu le menye!

19 Kpɔ ɖa, nye dukɔ ƒe ɣlikpe ɖi tso didiƒenyigba dzi be: „Ɖe Yehowa megale Zion oa, eye ɖe eƒe fia megale eme oa?“ Nukaŋuti wotsɔ woƒe aklama kpakpɛwo kple du bubu me towo ƒe yakanuwo do dziku nam?

20 Nuŋeɣi va yi, eye kutsetsegbegbe nu tso, ke miawo la, womexɔ na mi o!

21 Nye dukɔ ƒe ƒoƒo na megbã gudugudu, mele nu xam, eye nye lãme ble fu.

22 Ɖe atikea ɖeke megale Gilead o, eye gbedalaa ɖeke mele afima oa? Nukaŋuti nye dukɔ mehaya o?

23 Ɖe wònye nye ta tsie wònye, eye aɖatsivudoe nye nye ŋkuwo la, anye ne mala na nye dukɔ ƒe ame tsiaʋawo zã kple keli.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan