Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yeremia 7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Alakpa mawusubɔsubɔ enyo ŋunyɔnu le Mawu ŋku me.

1 Gbe, si tso Yehowa gbɔ va na Yeremya la, enye si.

2 Tsi tre ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe agbo la me, eye naɖe gbe ƒã nya sia gblɔ bena: Mise Yehowa ƒe nya, mi Yuda blibo la, mi amesiwo vaa agbo sia me, be miade ta agu ɖe Yehowa ŋku me.

3 Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Miɖɔ miaƒe zɔzɔme kple miaƒe nuwɔnawo ɖo, ekema mana mianɔ teƒe sia.

4 Migaɖo dzi ɖe akpanya, si wole gbɔgblɔm be: „Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔe nye esia la ŋu o!

5 Ke boŋ ne mieɖɔ miaƒe zɔzɔme kple nuwɔnawo ɖo, ne miedrɔ̃ nya na amesiame kple ehavi,

6 miete amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ɖe anyi o, miekɔ ʋu maɖifɔ ɖi ɖe teƒe sia o, eye miedze mawu tutɔwo yome hena miaƒe gbegblẽ o la,

7 ekema mana mianɔ teƒe sia le anyigba, si metsɔ na mia fofowo tegbee la dzi.

8 Kpɔ ɖa, miele dzi ɖom ɖe alakpanya, si mele ɖeke me o la ŋuti.

9 Nuka? Miele fifim, le ame wum, le ahasi wɔm, le atam dzodzro kam, eye miedo dzudzɔ na mawu tutɔ, siwo mienya o tso,

10 hafi mievana hetsia tre ɖe ŋkunye me le aƒe sia, si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la me henɔa gbɔgblɔm be: „Mía ŋu vo“, ne miawɔ ŋunyɔnu siawo katã?

11 Ɖe aƒe sia, si ŋu woyɔa nye ŋkɔ ɖo la, zu adzodalawo ƒe do le mia ŋku mea? Yehowa be: Nye hã mekpɔe!

12 Elabena miyi nɔnyeƒe le Silo, afisi mena nye ŋkɔ nɔ tsã la, eye mikpɔ nusi mewɔe le nye dukɔ Israel ƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ ta la ɖa.

13 Yehowa be: Azɔ esi miewɔ nusiawo katã, eye mele nuƒoƒo kpli mi dzi ɖaa, ke miesee o, meyɔ mi, eye mietɔ o la,

14 eyata mawɔ aƒe, si ŋu woyɔa nye ŋkɔ ɖo, esi ŋu miele dzi ɖom ɖo, kple teƒe, si metsɔ na mia kple mia fofowo la, abe alesi mewɔ Silo ene,

15 eye matsɔ mi aƒu gbe atso nye ŋku ta, abe alesi metsɔ mia nɔviwo katã, siwo nye Efrayim ƒe ƒome blibo la ƒu gbee ene.

16 Ke wò la megaɖe kuku ɖe dukɔ sia ta o, megaƒo koko ɖewo ta o, megado gbe ɖa ɖe wo ta o, eye megaƒoe ɖe nunye o, elabena nyemasee na wò o.

17 Ɖe mèle nusi wɔm wole le Yuda-duwo me kple Yerusalem-kpɔdomeewo la kpɔm oa?

18 Viwo le nake fɔm, fofowo le dzo dom, eye nyɔnuwo le amɔwɔ blum, ne woatsɔ tɔ tatali na dziƒofianyɔnu, eye woƒo tsi ɖe anyi na mawu tutɔwo, ne woatsɔ do dziku nam.

19 Yehowa be: Nyee wole dziku dom na loo? Woawo ŋutɔwo boŋ ƒe moe wole ŋukpe demi.

20 Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi. Kpɔ ɖa, nye dɔmedzoe kple nye dziku atrɔ akɔ ɖe teƒe sia, amegbetɔwo kple lãwo, gbemetiwo kple anyigba dzi kutsetsewo dzi, eye woabi, womatsii o.

21 Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mikpe miaƒe numevɔsawo ɖe akpedavɔsawo ŋu, eye miɖu lã!

22 Elabena nyemeƒo nu kple mia fofowo alo de se na wo le numevɔsa kple akpedavɔsa ŋu le gbesigbe mekplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi o.

23 Ke boŋ nya siae metsɔ de se na wo be: Mise nye gbe, ne manye miaƒe Mawu, eve miawo mianye nye dukɔ, eye mizɔ nye mɔ, si meɖo na mi la dzi, be eme nanyo na mi.

24 Ke wogbe esese, eye womeƒu to anyi ɖe ŋunye o; wozɔ le adaŋu, si wode le woƒe dzi vɔ̃ɖi ƒe tamesesẽ me la nu, eye wotrɔ megbe ɖem, menye ŋku me o.

25 Meɖo nye dɔlawo katã, siwo nye nyagblɔɖilawo la, ɖe mi tso gbesigbe mia fofowo ʋu tso Egipte-nyigba dzi vaseɖe egbe, mele wo ɖoɖoɖa dzi gbesiagbe ɖaa;

26 ke womeɖo tom o, eye womeƒu to anyi ɖe ŋunye o, ke boŋ wosẽ ʋume, eye wogblẽ wu wo fofowo.

27 Ne ègblɔ nya siawo katã na wo la, womasee na wò o, eye ne èyɔ wo la, womatɔ na wò o.

28 Eyata gblɔ na wo be: Esia nye dukɔ, si mesea Yehowa, eƒe Mawu ƒe gbe o, eye meɖoa to amehehe o. Nyateƒetoto nu yi, eye wotsrɔ̃ ɖa le woƒe nu me.

29 Lũ wò taɖa natsɔ aƒu gbe, eye yi naɖato konyifaha le to ƒeƒlewo ta me, elabena Yehowa gbe ƒome, si le dɔmedzoe dom nɛ la, eye wònyã wo.

30 Yehowa be: Elabena Yuda-viwo wɔ nu gbegblẽ le ŋkunye me, eye woli ŋunyɔnu ɖe aƒe, si ŋu woyɔa nye ŋkɔ ɖo la me, ne woagblẽ ko ɖo nɛ,

31 wowɔ Tofet-nuxeƒe ɖe Ben-Hinom-bali me la, ne woatɔ dzo woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyonuviwo, nusi ŋu nyemede se na wo le loo, alo wòayi nye la me va ge o.

32 Yehowa be: Eyata ŋkeke li gbɔna, eye womagayɔe be „Tofet“ kple „Ben-Hinom-balime“ azɔ o, ke boŋ be „Amewu-balime“, eye woadi ame ɖe Tofet, le esi teƒe meli o ta.

33 Dukɔ sia ƒe kukuawo azu nuɖuɖu na dziƒoxewo kple anyigba dzi lãwo, eye womanyã wo o.

34 Eye mana aseyetsogbe kple dzidzɔgbe, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe nu natso le Yuda-duwo kple Yerusalem ƒe kpɔdomeewo; elabena anyigba la azu gbegbe.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan