Yeremia 6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Futɔ séŋutawo alia va ɖe dukɔ la kple ebletawu ŋuti. 1 Mi Benyamin-viwo, misi tso Yerusalem! Miku kpẽ le Tekoa, eye mitu aflaga ɖo Bet-Hakerem; elabena dzɔgbevɔ̃e kple gbegblẽ gã tso anyiehe gbɔna. 2 Matsrɔ̃ wò Zion-nyɔnuvi dzetugbee ɖuvii la. 3 Lãkplɔviwo kple woƒe lãhawo vaa egbɔ, wotua woƒe agbadɔwo ɖe eŋu godoo, eye amesiame nyia lã le eƒe akpa dzi. 4 „Mikɔ aʋawɔwɔ ŋu ɖe eŋu! Mitso, ne míaho le ŋdɔ! Baba na mi, be anyinu le wɔwɔm, eye ɣetrɔ ƒe vɔvɔli le kekem ɖe nu! 5 Mitso, ne míaho le zã me, eye miagblẽ eƒe fiasãwo!“ 6 Elabena ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Milã eƒe atiwo, eye miƒu kpo ɖe Yerusalem ŋu; eyae nye du, si woahe to na, eye ŋutasesẽ yɔe fũ. 7 Alesi vudo dzia tsii la, nenema eƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ le dzidzimee; wose nu vlo wɔwɔ kple ŋutasesẽ ŋkɔ le eme; abideameŋu kple dodro le ŋkunye me ɖaa. 8 Yerusalem, na woaka mo na wò, ne nye luʋɔ magadzo le gbɔwò, eye matso wò awɔ gbegbe kple anyigba zu aƒedoe o. 9 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Woaxa Israel ƒe ame susɔewo, abe alesi woxaa weintsetse mlɔeawoe ene; gado wò asi ɖa abe weingbledela ɖe kawo ŋu ene. 10 Ameka maƒo nu na, eye maɖi ɖase na, be woasee? Kpɔ ɖa, woƒe to meŋɔ, ne woalé to ɖe nya ŋu o. Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe nya zu alɔmeɖenu na wo, eƒe nu medze wo ŋu o. 11 Ke Yehowa ƒe dɔmedzoe yɔm fũ, eye eléle ɖe dɔ me tim. Trɔe kɔ ɖe ɖeviwo dzi le ablɔ me kple ɖekakpuiwo ƒe ha siaa dzi; elabena woalé ŋutsu kple nyɔnu, ame tsi-tsi kple amegã ɖeɖi siaa! 12 Woƒe aƒewo anye ame bubuwo tɔ hekpe ɖe woƒe agblewo kple wo srɔ̃wo ŋu; elabena mado nye asi ɖe anyigba dzinɔlawo ŋu, Yehowa ye gblɔe! 13 Elabena wo katã wonye amebalawo tso ɖeviwo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi; wo katã wonye alakpatɔwo tso nyagblɔɖilawo dzi vaseɖe nunɔlawo dzi. 14 Wotre nye dukɔ ƒe gbagbãƒe betsebetse hele gbɔgblɔm be: Ŋutifafa, ŋutifafa! evɔ ŋutifafa meli o hafi. 15 Ne ŋukpe lé wo, le esi wowɔ ŋunyɔnu ta hã la, woƒe mo metsia dã o, eye womenyaa nukae nye ŋukpe o. Eyata woatsi ame tsiaʋawo dome, eye wòadze anyi le ɣeyiɣi, si mahe to na wo, Yehowa ye gblɔe! 16 Ale Yehowa gblɔ esi: Miyi mowo dzi, miɖo ŋku anyi, eye mibia blema mɔwo ta se be, mɔ kae nye nyuia hã, eye mizɔ edzi, ne miakpɔ gbɔdzɔe na miaƒe luʋɔwo. Ke woawo ɖo ŋu be: Miele edzi to ge o. 17 Meɖo dzɔlawo wo ŋu wole gbɔgblɔm be: Milé to ɖe kpẽ ƒe ɖiɖi ŋu! Ke woɖo ŋu be: Miele to lé ge ɖe eŋu o. 18 Eyata mi dukɔwo, misee, eye mi amehawo, midze si nusi le dzɔdzɔ ge le wo dome! 19 Anyigba, see! Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e ava dukɔ sia dzi wòanye woƒe tamesusuwo ƒe kutsetse, elabena womeɖo to nye nyawo o, eye wodo vlo nye se la. 20 Nuka dzudzɔʋeʋẽedonu tso Saba kple gbekee xɔasi tso didiƒenyigba dzinye nam? Miaƒe numevɔsawo medzea ŋunye o, eye miaƒe akpedavɔsawo mevivina nam o. 21 Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, maɖo nukikli na dukɔ sia, fofowo kple viwo siaa, aƒelika kple xɔlɔ̃a woaklii, eye woatsrɔ̃. 22 Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, dukɔa ɖe tso anyiehe-nyigba dzi gbɔna, eye anyigba dzi dukɔ gãa ɖe nyo tso anyigba ƒe mlɔenu. 23 Da kple akplɔ le wo si; ŋutasẽlawo wonye, eye womekpɔa nublanui o; woƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ le abe atsiaƒu ƒe gbeɖeɖe ene, wodo sɔwo, eye wobla akpa abe ŋutsu ene, be woawɔ aʋa kpli wò, Zion-nyɔnuvi. 24 „Míese eŋu nya, míaƒe asiwò do agble, ŋɔdzi lé mí, eye míele ƒoƒom tititi abe nyɔnu léku ene.“ 25 Migado yi agble me o, eye migato mo dzi o, elabena yi le futɔ si, eye ŋɔdzi li godoo va kpe. 26 Nye dukɔ ƒe nyɔnuvi, ta akpanya, eye na ƒo togotogoe le dzowɔ me; xa nu le tenuvi la ŋu, eye nata konyi vevie; elabena nugblẽla le ƒoƒo ge ɖe mía dzi kpoyi. 27 Metsɔ wò ɖo galólolae le nye dukɔ dome, be nadze si woƒe zɔzɔme, eye nadoe akpɔ. 28 Aglãdzelawo ƒe aglãdzelawo, ame gɔmezɔlawo, akɔbli kple gayibɔe wo katã wonye, nugblẽlawo nye wo katã tim. 29 Yɔxɔmeʋu le gbɔgbɔm fufufu, tsumi koe do tso eƒe dzo me; yakatsyɔ wolóloe galóloe ɖe dzi, elabena manyomanyoawo gbe dodo le eme. 30 Woayɔ wo be klosalo gbegbea; elabena Yehowa gbe wo. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana